< Psalmowo 26 >

1 David ƒa ha. O! Yehowa, tso afia nam, elabena menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o. Meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã kpɔ gbeɖe o.
大衛的詩。 耶和華啊,求你為我伸冤, 因我向來行事純全; 我又倚靠耶和華,並不搖動。
2 O! Yehowa, lolom, dom kpɔ; eye nàdzro nye dzi kple tamesusu hã me,
耶和華啊,求你察看我,試驗我, 熬煉我的肺腑心腸。
3 elabena wò lɔlɔ̃ le ŋkunye me ɖaa, eye mezɔna le wò nyateƒe la me ɣe sia ɣi.
因為你的慈愛常在我眼前, 我也按你的真理而行。
4 Nyemanɔ anyi ɖe ameblelawo dome, alo ade ha kple alakpanuwɔlawo o.
我沒有和虛謊人同坐, 也不與瞞哄人的同群。
5 Metsri ame tovowo ƒe habɔbɔ, eye megbe be nyemanɔ ame vɔ̃ɖiwo dome o.
我恨惡惡人的會, 必不與惡人同坐。
6 Meklɔ nye asiwo le fɔmaɖimaɖi me, eye meƒo xlã wò vɔsamlekpui, O! Yehowa,
耶和華啊,我要洗手表明無辜, 才環繞你的祭壇;
7 hele wò kafukafuha dzim kple ɣli le nukudɔ siwo katã nèwɔ la xlẽm fia.
我好發稱謝的聲音, 也要述說你一切奇妙的作為。
8 O! Yehowa, melɔ̃ aƒe si me nèle, afi si wò ŋutikɔkɔe le.
耶和華啊,我喜愛你所住的殿 和你顯榮耀的居所。
9 Mègatsɔ nye luʋɔ kpe ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋuti kple nye agbe kpe ɖe hlɔ̃dolawo ŋuti,
不要把我的靈魂和罪人一同除掉; 不要把我的性命和流人血的一同除掉。
10 ame siwo ƒe asi me ɖoɖo vɔ̃ɖiwo le, eye woƒe nuɖusime yɔ fũu kple zãnuxɔxɔ o.
他們的手中有奸惡, 右手滿有賄賂。
11 Ke nye la, menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, eya ta ɖem, eye nàkpɔ nublanui nam.
至於我,卻要行事純全; 求你救贖我,憐恤我!
12 Nye afɔ le sɔsɔeƒe. Makafu Yehowa le takpekpe gã la me.
我的腳站在平坦地方; 在眾會中我要稱頌耶和華!

< Psalmowo 26 >