< Psalmowo 25 >

1 David ƒe ha. O! Yehowa, wòe mekɔ nye luʋɔ ɖe dzi na.
К Тебе, Господи, воздвигох душу мою, Боже мой, на Тя уповах, да не постыжуся во век, ниже да посмеютмися врази мои:
2 O! Nye Mawu, ŋuwòe meɖo dzi ɖo. Mègana ŋu nakpem, alo nàɖe mɔ nye futɔwo naɖu dzinye o.
ибо вси терпящии Тя не постыдятся.
3 Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò la, ŋu makpee akpɔ gbeɖe o; gake ŋu akpe ame siwo nye vivimenuwɔlawo.
Да постыдятся беззаконнующии вотще.
4 O! Yehowa, fia wò mɔwo kple wò toƒewom,
Пути Твоя, Господи, скажи ми и стезям Твоим научи мя.
5 kplɔm le wò nyateƒe la me, eye nàfia num, elabena wòe nye nye Mawu kple nye Ɖela, eye nye mɔkpɔkpɔ le mewò ŋkeke blibo la katã.
Настави мя на истину Твою и научи мя: яко Ты еси Бог спас мой, и Тебе терпех весь день.
6 O! Yehowa, ɖo ŋku wò lɔlɔ̃ kple wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la dzi, elabena woli tso blema ke.
Помяни щедроты Твоя, Господи, и милости Твоя, яко от века суть.
7 O! Yehowa, mègaɖo ŋku nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo kple nye aglãdzemɔwo dzi o; ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò lɔlɔ̃ la ta, elabena nyuiwɔwɔ le mewò.
Грех юности моея и неведения моего не помяни: по милости Твоей помяни мя Ты, ради благости Твоея, Господи.
8 Yehowa nyo, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe, eya ta efiaa eƒe mɔ nu vɔ̃ wɔlawo.
Благ и прав Господь, сего ради законоположит согрешающым на пути.
9 Ekplɔa ɖokuibɔbɔlawo to nu dzɔdzɔe wɔwɔ me, eye wòfiaa eƒe mɔ wo.
Наставит кроткия на суд, научит кроткия путем Своим.
10 Yehowa ƒe mɔwo katã nye lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ na ame siwo léa eƒe nubablamenyawo ɖe asi.
Вси путие Господни милость и истина, взыскающым завета Его и свидения Его.
11 O! Yehowa, togbɔ be nye dzidada sɔ gbɔ ale gbegbe hã la, tsɔ wo kem le wò ŋkɔ la ta.
Ради имене Твоего, Господи, и очести грех мой, мног бо есть.
12 Ekema ame kawoe nye ŋutsu ma siwo vɔ̃a Yehowa? Afia nu wo le mɔ si woato la dzi.
Кто есть человек бояйся Господа? Законоположит ему на пути, егоже изволи.
13 Woakpɔ dzidzedze le woƒe agbemeŋkekewo me, eye woƒe dzidzimeviwo anyi anyigba la ƒe dome.
Душа его во благих водворится, и семя его наследит землю.
14 Yehowa gblɔa nya ɣaɣlawo na ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea eƒe nubabla fiaa wo.
Держава Господь боящихся Его, и завет Его явит им.
15 Nye ŋkuwo le Yehowa ŋu ɖaa, elabena eya koe aɖe nye afɔ le mɔ me.
Очи мои выну ко Господу, яко Той исторгнет от сети нозе мои.
16 Trɔ ɖe ŋunye ne nàve nunye, elabena metsi akogo, eye hiã tum.
Призри на мя и помилуй мя, яко единород и нищь есмь аз.
17 Nye dzi ƒe nuxaxawo do gã ɖe edzi, na vovom tso nye vevesesewo me.
Скорби сердца моего умножишася, от нужд моих изведи мя.
18 Nye kɔ nàkpɔ nye nuxaxa kple nye vevesese ɖa, eye nàɖe nye nu vɔ̃wo katã ɖa.
Виждь смирение мое и труд мой, и остави вся грехи моя.
19 Kpɔ ale si nye futɔwo dzi ɖe edzii ɖa, eye nàkpɔ ale si wolé fum ɖikaɖikae ɖa!
Виждь враги моя, яко умножишася, и ненавидением неправедным возненавидеша мя.
20 Kpɔ nye agbe ta, eye nàɖem; megana ŋu nakpem o, elabena mewòe mebe ɖo.
Сохрани душу мою и избави мя, да не постыжуся, яко уповах на Тя.
21 Nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye nedzɔ ŋunye, elabena nye mɔkpɔkpɔ le mewò.
Незлобивии и правии прилепляхуся мне, яко потерпех Тя, Господи.
22 O! Mawu, ɖe Israel tso woƒe xaxawo katã me.
Избави, Боже, Израиля от всех скорбей его.

< Psalmowo 25 >