< Psalmowo 24 >
1 David ƒe ha. Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi, xexea me kple emenɔlawo katã nye Yehowa tɔ.
A PSALM OF DAVID. To YHWH [is] the earth and its fullness, The world and the inhabitants in it.
2 Elabena eɖoe anyi ɖe atsiaƒu dzi, eye wòɖo egɔme anyi ɖe tɔsisiwo dzi gli.
For He has founded it on the seas, And He establishes it on the floods.
3 Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ? Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la?
Who goes up into the hill of YHWH? And who rises up in His holy place?
4 Ame si ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me le dzadzɛe, ame si metsɔ eƒe luʋɔ na legba o, eye mekaa aʋatso heta nu dzodzro o.
The clean of hands, and pure of heart, Who has not lifted up his soul to vanity, Nor has sworn to deceit.
5 Eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ, eye Mawu, eƒe Ɖela la, atso afia nɛ.
He carries away a blessing from YHWH, Righteousness from the God of his salvation.
6 O! Yakob ƒe Mawu, aleae dzidzime si dia wò, eye wòdia ŋkuwòme la le. (Sela)
This [is] a generation of those seeking Him. Seeking Your face, O Jacob! (Selah)
7 O! Mi agbowo, miʋu; mi blemaʋɔtruwo, miʋu, ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme.
Lift up your heads, O gates! And be lifted up, O perpetual doors! And the King of Glory comes in!
8 Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia la? Yehowa ŋusẽtɔ kple kalẽtɔ lae, Yehowa si wɔa kalẽ le aʋagbedzi lae.
Who [is] this—“the King of Glory?” YHWH—strong and mighty, YHWH, the mighty in battle.
9 O! Mi agbowo, miʋu; mi blemaʋɔtruwo, miʋu, ne Ŋutikɔkɔefia la nage ɖe eme.
Lift up your heads, O gates! And be lifted up, O perpetual doors! And the King of Glory comes in!
10 Ame kae nye Ŋutikɔkɔefia sia? Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae nye Ŋutikɔkɔefia la. (Sela)
Who [is] He—this “King of Glory?” YHWH of hosts—He [is] the King of Glory! (Selah)