< Psalmowo 20 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Yehowa netɔ na wò ne èɖo xaxa me; Yakob ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ nanye ŋuwòdzɔla.
למנצח מזמור לדוד ב יענך יהוה ביום צרה ישגבך שם אלהי יעקב
2 Neɖo kpekpeɖeŋu ɖe wò tso kɔkɔeƒe la, eye wòaɖo xɔname ɖe wò tso Zion.
ישלח-עזרך מקדש ומציון יסעדך
3 Neɖo ŋku wò vɔsawo katã dzi, eye wòaxɔ wò numevɔsawo. (Sela)
יזכר כל-מנחתך ועולתך ידשנה סלה
4 Nena nu si wò dzi di la wò, eye wòana wò ɖoɖowo katã nadze edzi na wò.
יתן-לך כלבבך וכל-עצתך ימלא
5 Míado dzidzɔɣli ne èɖu dzi, eye míakɔ míaƒe aflagawo dzi le míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me. Yehowa awɔ nu siwo katã nèbiae la na wò.
נרננה בישועתך-- ובשם-אלהינו נדגל ימלא יהוה כל-משאלותיך
6 Azɔ menya be Yehowa ɖe eƒe amesiamina, etɔ nɛ tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la kple eƒe nuɖusi ƒe ŋusẽ, si wòtsɔna ɖea amee.
עתה ידעתי-- כי הושיע יהוה משיחו יענהו משמי קדשו-- בגברות ישע ימינו
7 Ame aɖewo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo ŋu, eye ame aɖewo ɖoa dzi ɖe sɔwo ŋu, ke míawo ya míeɖo dzi ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ŋu.
אלה ברכב ואלה בסוסים ואנחנו בשם-יהוה אלהינו נזכיר
8 Ame mawo la, wodzea klo, eye wodzea anyi, ke míawo ya, míenɔa tsitre, eye míedzɔna kã.
המה כרעו ונפלו ואנחנו קמנו ונתעודד
9 O! Yehowa, xɔ na fia la! Tɔ na mí ne míeyɔ wò!
יהוה הושיעה המלך יעננו ביום-קראנו

< Psalmowo 20 >