< Psalmowo 2 >

1 Nu ka ta dukɔwo le nugbe ɖom, eye amewo le nu dzodzrowo ɖom?
למה רגשו גוים ולאמים יהגו-ריק
2 Anyigbadzifiawo ɖo afɔ anyi sesĩe, eye dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋu.
יתיצבו מלכי-ארץ-- ורוזנים נוסדו-יחד על-יהוה ועל-משיחו
3 Wole gbɔgblɔm be, “Mina míado le Yehowa kple eƒe amesiamina la te, eye míana ablɔɖe mía ɖokuiwo.”
ננתקה את-מוסרותימו ונשליכה ממנו עבתימו
4 Ame si woɖo zi dzi le dziƒo la ko nu, eye Yehowa ɖe alɔme le wo ŋu.
יושב בשמים ישחק אדני ילעג-למו
5 Tete wòka mo na wo le eƒe dɔmedzoe me, eye wòdo ŋɔdzi na wo le eƒe dziku helĩhelĩ me hegblɔ be,
אז ידבר אלימו באפו ובחרונו יבהלמו
6 “Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”
ואני נסכתי מלכי על-ציון הר-קדשי
7 Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe sedede la; Yehowa gblɔ nam be, “Wòe nye vinye ŋutsu, egbea mezu fofowò.
אספרה אל-חק יהוה אמר אלי בני אתה--אני היום ילדתיך
8 Biam, ne matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinui kple anyigba ƒe seƒewo ke awɔ tɔwòe.
שאל ממני--ואתנה גוים נחלתך ואחזתך אפסי-ארץ
9 Àtsɔ gafiatikplɔ aɖu wo dzii, eye àxlã wo ɖi, woakaka abe ale si ze gbãnae ene.”
תרעם בשבט ברזל ככלי יוצר תנפצם
10 Eya ta mi fiawo, midze nunya, eye mi anyigbadzidumegãwo, miɖo to nuxlɔ̃ame.
ועתה מלכים השכילו הוסרו שפטי ארץ
11 Mitsɔ ɖokuibɔbɔ kple bubu subɔ Yehowa le dzidzɔ gã me kple dzodzo nyanyanya.
עבדו את-יהוה ביראה וגילו ברעדה
12 Mitsɔ ɖokuibɔbɔ do ɖe fia la ŋkume, ne menye nenema o la, ado dziku, eye wòatsrɔ̃ mi kpata, elabena eƒe dɔmedzoe ate ŋu afla ɣe sia ɣi. Woayra ame siwo katã tsɔe wɔ sitsoƒee.
נשקו-בר פן-יאנף ותאבדו דרך-- כי-יבער כמעט אפו אשרי כל-חוסי בו

< Psalmowo 2 >