< Psalmowo 18 >
1 David, Yehowa ƒe dɔla, ƒe ha na hɛnɔ la. David dzi ha sia na Yehowa le esime wòɖee tso Saul kple eƒe futɔ bubuawo ƒe asi me. David gblɔ be: O! Yehowa, nye ŋusẽ, melɔ̃ wò.
ヱホバわれの力よ われ切になんぢを愛しむ
2 Yehowa nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ. Nye Mawu nye nye agakpe, eyae mesi tso. Eyae nye nye akpoxɔnu kple ɖeɖe ƒe ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ.
ヱホバはわが巌 わが城 われをすくふ者 わがよりたのむ神 わが堅固なるいはほ わが盾 わがすくひの角 わがたかき櫓なり
3 Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu, eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me.
われ讃稱ふべきヱホバをよびて仇人よりすくはるることをえん
4 Ku ƒe kawo blam, eye nu siwo gblẽa ame la ƒo ɖe dzinye abe tɔʋu ene.
死のつな我をめぐり惡のみなぎる流われをおそれしめたり
5 Tsiẽƒe ƒe kawo blam, eye ku ƒe mɔtetrewo ɖi kpem. (Sheol )
陰間のなは我をかこみ死のわな我にたちむかへり (Sheol )
6 Meyɔ Yehowa le nye xaxa me; medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke, eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me.
われ窮苦のうちにありてヱホバをよび又わが神にさけびたり ヱホバはその宮よりわが聲をききたまふ その前にてわがよびし聲はその耳にいれり
7 Tete anyigba dzo nyanyanya, eye wòʋuʋu; towo ƒe agunuwo ke hã ʋuʋu heyeheye, eye wodzo kpekpekpe, elabena dzi kui.
このときヱホバ怒りたまひたれば地はふるひうごき山の基はゆるぎうごきたり
8 Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime; dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo.
烟その鼻よりたち火その口よりいでてやきつくし炭はこれがために燃あがれり
9 Ema dziŋgɔli ɖe eve, wòto eme ɖi va anyi, eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te.
ヱホバは天をたれて臨りたまふ その足の下はくらきこと甚だし
10 Ede kerubiwo dzi, eye wòdzo dzo. Eɖo asagba ɖe ya ƒe aʋalawo dzi.
かくてケルブに乗りてとび風のつばさにて翔り
11 Viviti nye avɔ si wòtsyɔ, eye lilikpo yibɔ si dzaa tsi lae nye agbadɔ si ƒo xlãe.
闇をおほひとなし水のくらきとそらの密雲とをそのまはりの幕となしたまへり
12 Lilikpo, kpetsi kple dzikedzo do tso eƒe mo ƒe keklẽ la me.
そのみまへの光輝よりくろくもをへて雹ともえたる炭とふりきたれり
13 Yehowa ɖe gbe tso dziƒo, eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe.
ヱホバは天に雷鳴をとどろかせたまへり 至上者のこゑいでて雹ともえたる炭とふりきたり
14 Eda eƒe aŋutrɔ, eye wòkaka eƒe futɔwo, eɖo dzikedzo ɖa, eye wòtɔtɔ wo.
ヱホバ矢をとばせてかれらを打ちらし數しげき電光をはなちてかれらをうち敗りたまへり
15 Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglã, eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu. Le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta.
ヱホバよ斯るときになんぢの叱咤となんぢの鼻のいぶきとによりて水の底みえ地の基あらはれいでたり
16 Edo asi ɖa tso dziƒo lém, Heɖem tso tɔ goglowo me.
ヱホバはたかきより手をのべ我をとりて大水よりひきあげ
17 Eɖem tso nye futɔ ŋusẽtɔwo ƒe asi me, tso nye ketɔwo ƒe asi me, ame siwo sesẽ wum akpa la ƒe asi me.
わがつよき仇とわれを憎むものとより我をたすけいだしたまへり かれらは我にまさりて最強かりき
18 Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe, gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ.
かれらはわが災害の日にせまりきたれり 然どヱホバはわが支柱となりたまひき
19 Eɖem tsɔ da ɖe teƒe gbadzaa; eɖem, elabena nye nu nyo eŋu.
ヱホバはわれを悦びたまふがゆゑにわれをたづさへ廣處にだして助けたまへり
20 Yehowa nɔ kplim le nye dzɔdzɔenyenye nu, eye wòwɔ nyui nam le esi nye asi me dza la ta.
ヱホバはわが正義にしたがひて恩賜をたまひ わが手のきよきにしたがひて報賞をたれたまへり
21 Elabena melé Yehowa ƒe mɔwo me ɖe asi; nyemewɔ vɔ̃ hetrɔ le nye Mawu yome o.
われヱホバの道をまもり惡をなしてわが神よりはなれしことなければなり
22 Eƒe sewo katã le ŋkunye me; eye nyemetrɔ le eƒe ɖoɖowo yome o.
そのすべての審判はわがまへにありて われその律法をすてしことなければなり
23 Nyemeɖi fɔ le eŋkume o, eye mete ɖokuinye ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ.
われ神にむかひて缺るところなく己をまもりて不義をはなれたり
24 Yehowa wɔ nyui nam le nye dzɔdzɔenyenye kple esi nye asi me dza le eŋkume la ta.
この故にヱホバはわがただしきとその目前にわが手のきよきとにしたがひて我にむくいをなし給へり
25 Èwɔa nuteƒe na nuteƒewɔla, eye nèfiaa ɖokuiwò fɔmaɖilae na ame si ŋu fɔɖiɖi mele o.
なんぢ憐憫あるものには憐みあるものとなり完全ものには全きものとなり
26 Ame si dza le eƒe dzi me la, èɖea ɖokuiwò fianɛ be èdza, eye nèfiaa ɖokuiwò ayetɔe ɖe ayetɔ la ŋu.
きよきものには潔きものとなり僻むものにはひがむ者となりたまふ
27 Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui, ke ame siwo si dadaŋku le la, èɖiɖia wo ɖe anyi.
そは汝くるしめる民をすくひたまへど高ぶる目をひくくしたまふ可ればなり
28 Wò, O! Yehowae na nye akaɖi le bibim, eye nye Mawu trɔ nye viviti wòzu kekeli.
なんぢわが燈火をともし給ふべければなり わが神ヱホバわが暗をてらしたまはん
29 Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me, eye le nye Mawu ta mate ŋu ati kpo aflɔ gli.
我なんぢによりて軍の中をはせとほり わが神によりて垣ををどりこゆ
30 Mawu ya ƒe mɔwo de blibo, Yehowa ƒe nya nye nyateƒe sɔŋ. Enye akpoxɔnu na ame siwo tsɔe wɔ sitsoƒee.
神はしもその途またくヱホバの言はきよし ヱホバはすべて依賴むものの盾なり
31 Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Ame kae ganye Agakpe, ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa?
そはヱホバのほかに神はたれぞや われらの神のほかに巌はたれぞや
32 Mawue nye nye mɔ sesẽ, Eyae na nye mɔ zu gbadzaa.
神はちからをわれに帶しめ わが途を全きものとなしたまふ
33 Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene, eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo.
神はわが足を麀のあしのごとくし我をわが高處にたたせたまふ
34 Efia aʋawɔwɔ nye asiwo, eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli.
神はわが手をたたかひにならはせてわが臂に銅弓をひくことを得しめたまふ
35 Ètsɔ wò dziɖuɖu ƒe akpoxɔnu la nam, eye wò nuɖusi lém ɖe te. Èbɔbɔ ɖokuiwò be nàdo kɔkɔm.
又なんぢの救の盾をわれにあたへたまへり なんぢの右手われをささへなんぢの謙卑われを大ならしめたまへり
36 Èkeke mɔ le tenye, be nye klowo magli le tenye o.
なんぢわが歩むところを寛濶ならしめたまひたれば わが足ふるはざりき
37 Meti nye futɔwo yome, eye metu wo. Nyemetrɔ le wo yome o, va se ɖe esime wotsrɔ̃.
われ仇をおひてこれに追及かれらのほろぶるまでは歸ることをせじ
38 Metsrɔ̃ wo be womagate ŋu afɔ gbeɖe o, ale wodze anyi ɖe nye afɔ nu.
われかれらを撃てたつことを得ざらしめん かれらはわが足の下にたふるべし
39 Wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ, Èna mebɔbɔ ame siwo katã tso ɖe ŋunye la ɖe anyi.
そはなんぢ戰爭のために力をわれに帶しめ われにさからひておこりたつ者をわが下にかがませたまひたればなり
40 Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ, eye metsrɔ̃ nye futɔwo.
我をにくむ者をわが滅しえんがために汝またわが仇の背をわれにむけしめ給へり
41 Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo, gake ame aɖeke mexɔ na wo o, elabena Yehowa metɔ na wo o.
かれら叫びたれども救ふものなく ヱホバに對ひてさけびたれども答へたまはざりき
42 Metu wo memie abe ʋuʋudedi si ya lɔ ɖe nu la ene, eye metrɔ wo ɖe mɔtata dzi abe anyi ene.
我かれらを風のまへの塵のごとくに搗碎き ちまたの坭のごとくに打棄たり
43 Èɖem tso ame siwo va dze dzinye la ƒe asi me, ètsɔm ɖo dukɔwo nu, eye ame siwo nyemenya o la dzie meɖu fia ɖo.
なんぢわれを民のあらそひより助けいだし我をたててもろもろの國の長となしたまへり わがしらざる民われにつかへん
44 Ne wose ŋkɔnye ko la, woɖoa tom, eye du bubu me tɔwo gɔ̃ hã dzona nyanyanya le nye ŋkume.
かれらわが事をききて立刻われにしたがひ異邦人はきたりて佞りつかへん
45 Dzi ɖena le wo katã ƒo, eye wotsɔa dzodzo nyanyanya hedoa goe le woƒe mɔ sesẽwo me.
ことくにびとは衰へてその城よりをののきいでん
46 Yehowa li tegbee! Woakafu nye Agakpe la! Woado Mawu, nye Xɔla la, ɖe dzi bobobo!
ヱホバは活ていませり わが磐はほむべきかな わがすくひの神はあがむべきかな
47 Eyae nye Mawu si biaa hlɔ̃ nam, eye wòbɔbɔa dukɔwo ɖe nye afɔ te,
わがために讎をむくい異邦人をわれに服はせたまふはこの神なり
48 ame si ɖeam tso nye futɔwo ƒe asi me. Èkɔm ɖe dzi gbɔ nye futɔwo ta, eye nèɖem tso ŋutasẽlawo ƒe asi me.
神はわれを仇よりすくひたまふ實になんぢは我にさからひて起りたつ者のうへに我をあげ あらぶる人より我をたすけいだし給ふ
49 O! Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome le esia ta, eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ.
この故にヱホバよ われもろもろの國人のなかにてなんぢに感謝し なんぢの名をほめうたはん
50 Ena dziɖuɖu gãwo eƒe fia la; eɖe amenuveve si nu meyi o la fia David, eƒe amesiamina la kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.
ヱホバはおほいなる救をその王にあたへ その受膏者ダビデとその裔とに世々かぎりなく憐憫をたれたまふ