< Psalmowo 17 >

1 David ƒe gbedodoɖa. See, O! Yehowa, ɖo to nye ɣlidodo kple nye dzɔdzɔenyenye ƒe kukuɖeɖe. Ƒu to anyi ɖe nye gbedodoɖa si metso alakpanuyiwo me o.
A prayer of David. Hear, O LORD, my righteous plea; listen to my cry. Give ear to my prayer— it comes from lips free of deceit.
2 Afiatsotso nam netso gbɔwò, eye na wò ŋkuwo nakpɔ nu si le dzɔdzɔe.
May my vindication come from Your presence; may Your eyes see what is right.
3 Togbɔ be èdzro nye dzi me eye nèlé ŋku ɖe ŋunye tsitotsito le zã me; ne èdom kpɔ hã la, màkpɔ naneke le menye o. Meɖoe kplikpaa be nye nu mawɔ nu vɔ̃ o.
You have tried my heart; You have visited me in the night. You have tested me and found no evil; I have resolved not to sin with my mouth.
4 Le amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo me la, metsɔ wò numenya kpɔ ɖokuinye dzii be, nyemage ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo dzi o.
As for the deeds of men— by the word of Your lips I have avoided the ways of the violent.
5 Nye afɔɖeɖewo li ɖe wò toƒewo, eye nye afɔ meɖiɖi o.
My steps have held to Your paths; my feet have not slipped.
6 Mele yɔwòm, O! Mawu, elabena àtɔ nam; ƒu to anyi ɖe ŋunye, eye nàse nye gbedodoɖa.
I call on You, O God, for You will answer me. Incline Your ear to me; hear my words.
7 Ɖe wò lɔlɔ̃ gã la ƒe nukunu fia, wò ame si tsɔa wò nuɖusi ɖea ame siwo si wò tso, tso woƒe futɔwo ƒe asi me.
Show the wonders of Your loving devotion, You who save by Your right hand those who seek refuge from their foes.
8 Kpɔ tanye abe wò ŋku ƒe gadaglamakui ene, eye nàɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te,
Keep me as the apple of Your eye; hide me in the shadow of Your wings
9 ɖem tso ame vɔ̃ɖi siwo le funyafunya wɔmem kple futɔ siwo ɖe to ɖem la ƒe asi me.
from the wicked who assail me, from my mortal enemies who surround me.
10 Wotu woƒe ŋutasẽdziwo, eye wotsɔa woƒe nuwo gblɔa dadanyawoe.
They have closed their callous hearts; their mouths speak with arrogance.
11 Wodo afɔ nam, eye azɔ la, woɖe to ɖem, woƒe ŋkuwo le te ne woaxlãm ɖe anyigba.
They have tracked us down, and now surround us; their eyes are set to cast us to the ground,
12 Wole abe dzata dɔwui si le nu dim be yealé, hele adeklo dzi le avekɔe me ene.
like a lion greedy for prey, like a young lion lurking in ambush.
13 O! Yehowa, tso, kpe akɔ kpli wo, he wo ƒu anyi, eye tsɔ wò yi nàɖem le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
Arise, O LORD, confront them! Bring them to their knees; deliver me from the wicked by Your sword,
14 O! Yehowa, tsɔ wò asi ɖem le ame siawo tɔgbi kple xexemetɔ siawo ƒe asi me, ame siwo ƒe fetu le agbe sia me. Ètsia ame siwo nèlɔ̃ vevie la ƒe dɔwuame nu; wo viŋutsuwo kpɔ nu nyui geɖe, eye wodzraa kesinɔnuwo ɖo ɖi na wo viwo.
from such men, O LORD, by Your hand— from men of the world whose portion is in this life. May You fill the bellies of Your treasured ones and satisfy their sons, so they leave their abundance to their children.
15 Ke nye la, makpɔ wò ŋkume le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ hekpɔ wò nɔnɔme ko la, maɖi ƒo.
As for me, I will behold Your face in righteousness; when I awake, I will be satisfied in Your presence.

< Psalmowo 17 >