< Psalmowo 16 >

1 David ƒe ha si wɔa dɔ ɖe ame dzi. O! Mawu, na manɔ dedie, elabena wò mee mebe ɖo.
מכתם לדוד שמרני אל כי-חסיתי בך
2 Megblɔ na Yehowa be, “Wòe nye nye Aƒetɔ; nu nyui aɖeke mele asinye kpe ɖe ŋuwò o.”
אמרת ליהוה אדני אתה טובתי בל-עליך
3 Ame kɔkɔe siwo le anyigba dzi la woe nye bubume siwo ƒe nu nyoa ŋunye vevie.
לקדושים אשר-בארץ המה ואדירי כל-חפצי-בם
4 Ame siwo ati mawu tutɔwo yome la, adzi woƒe vevesesewo ɖe edzi. Nyemasa woƒe ʋuvɔsawo na mawu mawo, alo ayɔ woƒe ŋkɔwo o.
ירבו עצבותם אחר מהרו בל-אסיך נסכיהם מדם ובל-אשא את-שמותם על-שפתי
5 Yehowa, èɖo tɔnye gome kple nye kplu da ɖi nam; èna nye gomekpɔkpɔ le dedie nam.
יהוה מנת-חלקי וכוסי-- אתה תומיך גורלי
6 Liƒo ƒe dzidzeka la dze teƒe nyuiwo nam; le nyateƒe me la, domenyinu si do dzidzɔ nam la su asinye.
חבלים נפלו-לי בנעמים אף-נחלת שפרה עלי
7 Makafu Yehowa, ame si ɖoa aɖaŋu nam; le zã me ke hã, nye dzi xlɔ̃a num.
אברך--את-יהוה אשר יעצני אף-לילות יסרוני כליותי
8 Metsɔ Yehowa ɖo ŋkunye me ɖaa, elabena ele nye nuɖusime, eya ta nyemavɔ̃ o.
שויתי יהוה לנגדי תמיד כי מימיני בל-אמוט
9 Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, nye aɖe tso aseye, eye nye ŋutilã hã agbɔ ɖe eme le dedinɔnɔ me,
לכן שמח לבי--ויגל כבודי אף-בשרי ישכן לבטח
10 elabena màgblẽm ɖi na yɔdo alo ana wò, Kɔkɔetɔ la, nàkpɔ gbegblẽ o. (Sheol h7585)
כי לא-תעזב נפשי לשאול לא-תתן חסידך לראות שחת (Sheol h7585)
11 Èna menya agbemɔ la; àtsɔ dzidzɔkpɔkpɔ ayɔ menye le ŋkuwò me, eye matsɔ vivisese si mevɔna o la anɔ wò nuɖusime tegbee.
תודיעני ארח חיים שבע שמחות את-פניך נעמות בימינך נצח

< Psalmowo 16 >