< Psalmowo 150 >

1 Miakafu Yehowa. Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me. Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me.
הַלְלוּ ־ יָהּ ׀ הַֽלְלוּ־אֵל בְּקׇדְשׁוֹ הַֽלְלוּהוּ בִּרְקִיעַ עֻזּֽוֹ׃
2 Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta. Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta.
הַלְלוּהוּ בִגְבוּרֹתָיו הַלְלוּהוּ כְּרֹב גֻּדְלֽוֹ׃
3 Mitsɔ kpẽkuku kafui. Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui.
הַלְלוּהוּ בְּתֵקַע שׁוֹפָר הַלְלוּהוּ בְּנֵבֶל וְכִנּֽוֹר׃
4 Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu. Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku.
הַלְלוּהוּ בְּתֹף וּמָחוֹל הַֽלְלוּהוּ בְּמִנִּים וְעֻגָֽב׃
5 Mikafui kple ayawagba eve siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii. Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve siwo ƒe gbe ɖina sesĩe.
הַלְלוּהוּ בְצִלְצְלֵי־שָׁמַע הַֽלְלוּהוּ בְּֽצִלְצְלֵי תְרוּעָֽה׃
6 Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa. Mikafu Yehowa!
כֹּל הַנְּשָׁמָה תְּהַלֵּל יָהּ הַֽלְלוּ־יָֽהּ׃

< Psalmowo 150 >