< Psalmowo 150 >

1 Miakafu Yehowa. Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me. Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me. 2 Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta. Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta. 3 Mitsɔ kpẽkuku kafui. Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui. 4 Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu. Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku. 5 Mikafui kple ayawagba eve siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii. Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve siwo ƒe gbe ɖina sesĩe. 6 Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa. Mikafu Yehowa!

< Psalmowo 150 >