< Psalmowo 15 >

1 David ƒe ha. Yehowa, ame kae dze anɔ wò kɔkɔeƒe la? Ame kae anɔ wò togbɛ kɔkɔe la dzi?
Gospode! ko može sjedjeti u sjenici tvojoj? ko može nastavati na svetoj gori tvojoj?
2 Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe lae. Ame si toa nyateƒe tso eƒe dzi me ke
Ko hodi bez mane, tvori pravdu, i govori istinu iz srca svojega;
3 eye ameŋugbegblẽ mele aɖe dzi nɛ o, ame si mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye meƒoa ɖi nɔvia amegbetɔ o,
Ko ne opada jezikom svojim, ne èini drugome zla, i ne ruži bližnjega svojega;
4 ame si ame baɖa ƒe nu menyoa eŋu o, ke boŋ edea bubu ame siwo vɔ̃a Yehowa la ŋuti, ame si kaa atam si hea vevesese vanɛ, gake megbea edziwɔwɔ o,
Ko ne gleda onoga koga je Bog odbacio, nego poštuje one koji se boje Gospoda; ko se kune bližnjemu pa ne porièe;
5 ame si medoa ga xɔa deme ɖe edzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋuti o. Ame si wɔa nu siawo la, naneke maʋãe akpɔ gbeɖegbeɖe o.
Ko ne daje srebra svojega na dobit, i ne prima mita na pravoga. Ko ovako radi, neæe posrnuti dovijeka.

< Psalmowo 15 >