< Psalmowo 148 >

1 Mikafu Yehowa. Mikafu Yehowa tso dziƒowo, mikafui le kɔkɔƒewo le dzi me.
亞肋路亞!請您們在天上讚美上主,請您們在高處讚美上主!
2 Mi eƒe dɔlawo katã mikafui, dziƒoʋakɔwo hã mikafui.
上主的眾天使,請讚美上主;上主的一切聖者,請讚美上主!
3 Ɣe kple ɣleti nekafui, mikafui, mi ɣletivi keklẽwo.
太陽和月亮,請讚美上主;燦爛的諸星,請讚美上主!
4 Mi dziƒo kɔkɔtɔwo, mikafui, eye mi tsi siwo le alilĩa tame hã mikafui.
天上的諸天,請讚美上主;天上的雨水,請讚美上主!
5 Wo katã nekafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eɖe gbe, eye wova dzɔ.
願它們齊來讚美上主的名號!因為上主一命令,它們立刻受造。
6 Etsɔ wo ɖo wo nɔƒe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, ede se si nu mayi akpɔ gbeɖe o.
他確定的位置,留至永恒,他頒部的規律,永不變更。
7 Mikafu Yehowa tso anyigba, mi nuwɔwɔ gã siwo le atsiaƒu me kple gogloƒewo katã.
請您們在地上讚美上主:海怪和海深處的眾水族,
8 Dzikedzo kple kpetsi, tsikpe kple lilikpowo, ahomya si wɔ eƒe lɔlɔ̃nu,
還有電火與冰雹,白雪和雲霧,以及遵行他命令的狂風暴雨。
9 mi towo kple togbɛwo katã, atikutsetsetiwo kple sedatiwo katã,
山岳和一切丘陵,果樹與各種柏松,
10 gbemelãwo kple nyiwo katã, nuwɔwɔ suewo kple xe dzodzoewo,
野獸和一切畜牲,各種爬蟲和鳥類,
11 anyigbadzifiawo kple dukɔwo katã, mi dumegãwo kple dziɖula siwo katã le anyigba dzi,
世上的列王和萬民,地上的元首與公卿,
12 ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa nekafui.
少年人和童貞女,老年人與兒童侶,
13 Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖe koe de dzi, eye eƒe atsyɔ̃ le anyigba kple dziƒowo tame.
請您們讚美上主的名字,因為只有他的名字高貴,他的尊嚴遠遠超越天地,
14 Ena dzo aɖe do na eƒe dukɔ, esi nye Israel, eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe kafukafu, ame siwo tsɔ ɖe eƒe dzi gbɔ. Mikafu Yehowa.
上主使自己百姓的頭角高聳,他是他自己一切聖徒的讚頌,即接近他的以色列民的光榮。

< Psalmowo 148 >