< Psalmowo 147 >

1 Mikafu Yehowa. Aleke mehenyoe be woadzi kafukafuha na míaƒe Mawu la o! Aleke wòhevivina, eye wòdze be woakafui!
Praise ye the Lord, for it is good to sing vnto our God: for it is a pleasant thing, and praise is comely.
2 Yehowa gbugbɔ tso Yerusalem du la, eye wòkplɔ Israel ƒe aboyomewo gbɔe.
The Lord doth builde vp Ierusalem, and gather together the dispersed of Israel.
3 Eda gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòbla woƒe abiwo na wo.
He healeth those that are broken in heart, and bindeth vp their sores.
4 Eyae ɖo xexlẽme na ɣletiviwo, eye wòyɔa ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ.
He counteth the nomber of the starres, and calleth them all by their names.
5 Gãe nye míaƒe Aƒetɔ la, eye eƒe ŋusẽ tri akɔ ŋutɔ, seɖoƒe meli na eƒe gɔmesese o.
Great is our Lord, and great is his power: his wisdome is infinite.
6 Yehowa kpɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la dzi, ke etsɔ ame vɔ̃ɖi ya xlã ɖe anyigba.
The Lord relieueth the meeke, and abaseth the wicked to the ground.
7 Midzi ha na Yehowa kple akpedada, eye miƒo ha na míaƒe Mawu la kple kasaŋku.
Sing vnto the Lord with prayse: sing vpon the harpe vnto our God,
8 Etsɔa lilikpo xea yamee, eye wònana tsi dzana ɖe anyigba la dzi hewɔnɛ be gbe miena ɖe togbɛwo dzi.
Which couereth the heauen with cloudes, and prepareth raine for the earth, and maketh the grasse to growe vpon the mountaines:
9 Enaa nuɖuɖu nyiwo kple akpaviã siwo le xɔxlɔ̃m nɛ.
Which giueth to beasts their foode, and to the yong rauens that crie.
10 Eƒe dzidzɔ mele sɔ ƒe ŋusẽ me loo, alo amegbetɔ ƒe afɔ me o;
He hath not pleasure in the strength of an horse, neither delighteth he in the legs of man.
11 ke boŋ Yehowa ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le ame siwo vɔ̃nɛ la me, ame siwo tsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ dana ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la dzi.
But the Lord deliteth in them that feare him, and attende vpon his mercie.
12 O! Yerusalem, do Yehowa ɖe dzi, O! Zion, kafu wò Mawu la,
Prayse the Lord, O Ierusalem: prayse thy God, O Zion.
13 elabena eyae glã wò agbowo ƒe gametiwo, eye wòyra ame siwo le mewò.
For he hath made the barres of thy gates strong, and hath blessed thy children within thee.
14 Ena ŋutifafa le wò liƒowo dzi, eye wòtsɔ mɔlu nyuitɔ ɖi ƒo na wòe.
He setteth peace in thy borders, and satisfieth thee with the floure of wheate.
15 Eɖo eƒe sedede ɖe anyigba la dzi, eye eƒe nya kaka kple du ɖo teƒewo.
He sendeth foorth his commandement vpon earth, and his worde runneth very swiftly.
16 Ekaka tsikpe abe ɖetifu ene, eye wòkaka afu abe dzofi ene.
He giueth snowe like wooll, and scattereth the hoare frost like ashes.
17 Eɖo kpetsi ɖe anyigba abe kpekui ene. Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe wò ya fafɛ la nu?
He casteth foorth his yce like morsels: who can abide the colde thereof?
18 Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòlolo wo. Ede ŋusẽ eƒe yawo me, eye tsiwo de asi sisi me.
He sendeth his worde and melteth them: he causeth his winde to blowe, and the waters flowe.
19 Eɖe eƒe nya fia Yakob eye wòɖe eƒe sewo kple sededewo fia Israel.
He sheweth his word vnto Iaakob, his statutes and his iudgements vnto Israel.
20 Mewɔ esia na dukɔ bubu aɖeke o, eye womenya eƒe sewo o. Mikafu Yehowa.
He hath not dealt so with euery nation, neither haue they knowen his iudgements. Prayse ye the Lord.

< Psalmowo 147 >