< Psalmowo 146 >

1 Mikafu Yehowa. O! luʋɔnye, kafu Yehowa.
Hallelujah! Praise the LORD, O my soul.
2 Makafu Yehowa le nye agbemeŋkekewo katã me. Madzi kafukafuha na nye Mawu la, zi ale si mele agbe.
I will praise the LORD all my life; I will sing praises to my God while I have my being.
3 Migaɖo dzi ɖe dziɖulawo ŋu o, eye migaka ɖe amegbetɔ kodzogbea, si mate ŋu axɔ na ame o la dzi o.
Put not your trust in princes, in mortal man, who cannot save.
4 Ne woƒe gbɔgbɔ do go le wo me la, wogatrɔna zua kewɔ, gbe ma gbe ke woƒe ɖoɖo siwo katã wowɔ la zua tofloko.
When his spirit departs, he returns to the ground; on that very day his plans perish.
5 Woayra ame si ƒe xɔnametɔ nye Yakob ƒe Mawu la, eye eƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la me.
Blessed is he whose help is the God of Jacob, whose hope is in the LORD his God,
6 Eya ame si wɔ dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le eme, Yehowa nye nuteƒewɔla tegbetegbe.
the Maker of heaven and earth, the sea, and everything in them. He remains faithful forever.
7 Etsoa afia na ame siwo wote ɖe anyi, eye wònaa nuɖuɖu dɔwuitɔwo. Yehowae naa ablɔɖe gamenɔlawo.
He executes justice for the oppressed and gives food to the hungry. The LORD sets the prisoners free,
8 Yehowa ʋua ŋku na ŋkuagbãtɔwo, Yehowa fɔa ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo ƒe nya.
the LORD opens the eyes of the blind, the LORD lifts those who are weighed down, the LORD loves the righteous.
9 Yehowa kpɔa amedzrowo ta, eye wònye tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo hã ta kpɔla. Ke etɔtɔa ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo.
The LORD protects foreigners; He sustains the fatherless and the widow, but the ways of the wicked He frustrates.
10 Yehowa le fia ɖum tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. O! Zion, wò Mawu la aɖu fia le dzidzimewo katã me. Mikafu Yehowa.
The LORD reigns forever, your God, O Zion, for all generations. Hallelujah!

< Psalmowo 146 >