< Psalmowo 145 >

1 David ƒe kafukafuha. Mado wò ɖe dzi, nye Mawu, fia la. Makafu wò ŋkɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
A psalm of praise. Of David. I will extol you, my God, King; I will bless your name forever and ever.
2 Makafu wò gbe sia gbe, eye mado wò ŋkɔ ɖe dzi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
Every day will I bless you; I will praise your name forever and ever.
3 Gãe nye Yehowa, eye eya koe dze na kafukafu, elabena ame aɖeke mate ŋu anya eƒe gãnyenye ƒe goglome o.
Great is Yahweh and greatly to be praised; his greatness is unsearchable.
4 Dzidzime ɖeka akafu wò dɔwɔwɔwo na dzidzime bubu, eye woatu xo le wò nu dzɔatsuwo ŋu.
One generation will praise your deeds to the next and will proclaim your mighty actions.
5 Woaƒo nu le wò gãnyenye ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ƒe ŋutikɔkɔe ŋuti, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔ wɔnukuwo ŋuti.
I will meditate on the majesty of your glory and on your marvelous deeds.
6 Woaƒo nu le wò ŋɔdzidɔwɔwɔwo ƒe ŋusẽ ŋuti, eye maɖe gbeƒã wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo.
They will speak of the power of your awesome works, and I will declare your greatness.
7 Woaɖu wò nyuiwɔwɔ gbogboawo ƒe azã, eye woadzi ha atso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti.
They will declare your abounding goodness, and they will sing about your righteousness.
8 Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla; medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi.
Yahweh is gracious and merciful, slow to anger and abounding in covenant faithfulness.
9 Yehowa nyoa dɔ me na ame sia ame, eye wòkpɔa nublanui na ame siwo katã wòwɔ.
Yahweh is good to all; his tender mercies are over all his works.
10 O! Yehowa, ame siwo katã nèwɔ la akafu wò, eye wò ame kɔkɔewo ado wò ɖe dzi.
All you have made will give thanks to you, Yahweh; your faithful ones will bless you.
11 Woaƒo nu le wò fiaɖuƒe la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu, eye woagblɔ nya tso wò ŋusẽ ŋuti,
Your faithful ones will speak of the glory of your kingdom, and they will tell of your power.
12 ale be amewo katã nanya wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo kple wò fiaɖuƒe ƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃.
They will make known to mankind God's mighty deeds and the glorious splendor of his kingdom.
13 Wò fiaɖuƒe la nye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu anɔ anyi le dzidzimewo katã me. Yehowa awɔ nuteƒe le eƒe ŋugbedodowo katã me, eye wòaɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo katã wòwɔ.
Your kingdom is an everlasting kingdom, and your dominion endures throughout all generations.
14 Yehowa léa ame siwo katã dze anyi la ɖe asi, eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe dzi.
Yahweh supports all who are falling and raises up all those who are bent over.
15 Ŋkuwo katã le wò asinu kpɔm, eye nèna nuɖuɖu wo le enaɣi.
The eyes of all wait for you; you give them their food at the right time.
16 Èʋu wò asiwo me, eye nètsɔ nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe nu si wòdi la nɛ.
You open your hand and satisfy the desire of every living thing.
17 Yehowa nye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã dzi, eye wòlɔ̃a eƒe nu siwo katã wòwɔ.
Yahweh is righteous in all his ways and gracious in all he does.
18 Yehowa tsɔ ɖe ame siwo yɔnɛ la gbɔ, ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me.
Yahweh is near to all those who call to him, to all who call to him in trustworthiness.
19 Ewɔa ame siwo vɔ̃nɛ la ƒe dzimedidiwo na wo, esea woƒe ɣlidodo, eye wòɖea wo.
He fulfills the desire of those who honor him; he hears their cry and saves them.
20 Yehowa kpɔa ame siwo katã lɔ̃nɛ la ta, gake atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã.
Yahweh watches over all those who love him, but he will destroy all the wicked.
21 Nye nu agblɔ Yehowa ƒe kafukafu. Nu gbagbe ɖe sia ɖe nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
My mouth will speak out the praise of Yahweh; let all mankind bless his holy name forever and ever.

< Psalmowo 145 >