< Psalmowo 144 >

1 David ƒe ha. Woakafu Yehowa, nye Agakpe la, ame si fia aʋawɔwɔ nye asi kple asibidɛwo.
大衛的詩。 耶和華-我的磐石是應當稱頌的! 他教導我的手爭戰, 教導我的指頭打仗。
2 Enye nye Mawu lɔlɔ̃tɔ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye xɔnametɔ kpakple nye akpoxɔnu, nye Mawu si me mebe ɖo, ame si bɔbɔ nye dukɔ ɖe tenye.
他是我慈愛的主,我的山寨, 我的高臺,我的救主, 我的盾牌,是我所投靠的; 他使我的百姓服在我以下。
3 O! Yehowa, nu kae nye amegbetɔ be nètsɔ ɖe le eme nɛ kple amegbetɔvi be nèbua eŋuti?
耶和華啊,人算甚麼,你竟認識他! 世人算甚麼,你竟顧念他!
4 Amegbetɔ le abe gbɔgbɔ ko ene, eye eƒe ŋkekewo le abe vɔvɔli si va yina kaba la ene.
人好像一口氣; 他的年日如同影兒快快過去。
5 O! Yehowa, dze wò dziƒowo ne nàɖi va, eye nàka asi towo ŋu, be woatu dzudzɔ.
耶和華啊,求你使天下垂,親自降臨, 摸山,山就冒煙。
6 Dɔ dzikedzo ɖa woakaka futɔwo, da wò aŋutrɔ, eye nàtsrɔ̃ wo.
求你發出閃電,使他們四散, 射出你的箭,使他們擾亂。
7 Do wò asi ɖa tso dziƒo nàxɔ nam, eye nàɖem tso tsi sesẽwo kple amedzrowo ƒe asi me,
求你從上伸手救拔我, 救我出離大水, 救我脫離外邦人的手。
8 ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa, eye woƒe nuɖusi blea ame.
他們的口說謊話; 他們的右手起假誓。
9 O! Mawu, madzi ha yeye na wò, matsɔ kasaŋku, ka ewo tɔ aƒo ha na wò,
上帝啊,我要向你唱新歌, 用十弦瑟向你歌頌。
10 wò ame si na dziɖuɖu fiawo, eye nèɖe wo dɔla David tso yi vɔ̃ɖi ƒe asi me.
你是那拯救君王的; 你是那救僕人大衛脫離害命之刀的。
11 Xɔ nam, eye nàɖem tso amedzrowo ƒe asi me, ame siwo ƒe nu me yɔ fũu kple alakpa, eye woƒe nuɖusi blea ame.
求你救拔我, 救我脫離外邦人的手。 他們的口說謊話; 他們的右手起假誓。
12 Ekema mía viŋutsuwo le woƒe ɖekakpuime, anɔ abe ati siwo wode tsii nyuie ene, eye mía vinyɔnuwo anɔ abe sɔti si ŋu wota nu ɖo hetsɔ ɖo atsyɔ̃e na fiasã ene.
我們的兒子從幼年好像樹栽子長大; 我們的女兒如同殿角石, 是按建宮的樣式鑿成的。
13 Míaƒe avawo ayɔ fũu kple nuku vovovowo. Míaƒe alẽwo adzi ɖe edzi le akpewo kple akpe ewowo me le míaƒe lãnyiƒewo.
我們的倉盈滿,能出各樣的糧食; 我們的羊在田間孳生千萬。
14 Nenema ke míaƒe nyiwo atsɔ agba kpekpewo vɛ. Ale gli gbagbã maganɔ anyi o, aboyomeyiyi maganɔ anyi o, eye xaxa ƒe avifafa magaɖi le míaƒe mɔtatawo dzi azɔ o.
我們的牛馱着滿馱, 沒有人闖進來搶奪, 也沒有人出去爭戰; 我們的街市上也沒有哭號的聲音。
15 Woayra dukɔ si wòava eme na alea le nyateƒe me; Woayra dukɔ si ƒe Mawue nye Yehowa.
遇見這光景的百姓便為有福! 有耶和華為他們的上帝,這百姓便為有福!

< Psalmowo 144 >