< Psalmowo 143 >

1 David ƒe ha. O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, lé to ɖe nye nublanuiɣli ŋu, eye nàxɔ nam le wò nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye ta.
[A Psalm by David.] Hear my prayer, LORD. Listen to my petitions. In your faithfulness and righteousness, relieve me.
2 Mègabu fɔ wò dɔla o, elabena amegbetɔ aɖeke mele dzɔdzɔe le ŋkuwò me o.
Do not enter into judgment with your servant, for in your sight no man living is righteous.
3 Futɔ la ti yonyeme, egbãm ɖe anyigba, eye wòna menɔ viviti me abe ame siwo ku xoxo va yi la ene.
For the enemy pursues my soul. He has struck my life down to the ground. He has made me live in dark places, as those who have been long dead.
4 Nu te nye gbɔgbɔ ŋu le menye, eye nye dzi wɔ yaa le menye.
Therefore my spirit is overwhelmed within me. My heart within me is desolate.
5 Meɖo ŋku blemaŋkekeawo dzi, hede ŋugble le wò dɔwɔwɔwo katã ŋuti, eye mebu nu siwo wò asiwo wɔ la ŋuti.
I remember the days of old. I meditate on all your doings. I contemplate the work of your hands.
6 Mekeke nye abɔwo me na wò, eye nye luʋɔ ƒe ve me ƒu ɖe ŋuwò abe kuɖiɖinyigba ene. (Sela)
I spread forth my hands to you. My soul thirsts for you, like a parched land. (Selah)
7 O! Yehowa, tɔ nam kaba, elabena nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Mègaɣla wò mo ɖem o, ne menye nenema o la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime ene.
Hurry to answer me, LORD. My spirit fails. Do not hide your face from me, so that I do not become like those who go down into the pit.
8 Na ŋdi natsɔ wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ƒe nya vɛ nam, elabena dziwòe meka ɖo. Fia mɔ si mato lam, elabena wòe medo nye luʋɔ ɖe dzi na.
Cause me to hear your loving kindness in the morning, for I trust in you. Cause me to know the way in which I should walk, for I lift up my soul to you.
9 O! Yehowa, ɖem tso nye futɔwo ƒe asi me, elabena mewòe mebe ɖo.
Deliver me, LORD, from my enemies. I run to you for refuge.
10 Fiam ale si mawɔ wò lɔlɔ̃nu, elabena wòe nye nye Mawu; na wò Gbɔgbɔ nyui la nakplɔm to anyigba sɔsɔe dzi.
Teach me to do your will, for you are my God. Your Spirit is good. Lead me in the land of uprightness.
11 O! Yehowa, le wò ŋkɔ la ta, kpɔ nye agbe ta, le wò dzɔdzɔenyenye ta, ɖem le xaxa me.
Revive me, LORD, for your name's sake. In your righteousness, bring my soul out of trouble.
12 Le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta, mia nu na nye futɔwo; tsrɔ̃ nye ketɔwo katã, elabena wò dɔlae menye.
In your loving kindness, cut off my enemies, and destroy all those who afflict my soul, For I am your servant.

< Psalmowo 143 >