< Psalmowo 141 >

1 David ƒe ha. O! Yehowa, mele yɔwòm, va gbɔnye kaba. Se nye gbe, ne meyɔ wò.
大衛的詩。 耶和華啊,我曾求告你, 求你快快臨到我這裏! 我求告你的時候, 願你留心聽我的聲音!
2 Nye gbedodoɖa neva gbɔwò abe dzudzɔ ʋeʋĩ ene, eye na be nye asi siwo medo ɖe dzi la, nanɔ na wò abe fiẽvɔsa ene.
願我的禱告如香陳列在你面前! 願我舉手祈求,如獻晚祭!
3 O! Yehowa, ɖo dzɔla nye nu ŋu, eye nɔ ŋudzɔ ɖe nye nuyi ƒe ʋɔtru ŋu.
耶和華啊,求你禁止我的口, 把守我的嘴!
4 Mègana be woahe nye dzi ɖe nu vɔ̃ɖi ŋuti, be mayi gome kpɔ ge le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me kple ŋutsu, nu vɔ̃ɖi wɔlawo o, eye mègaɖe mɔ be maɖu woƒe nuɖuɖu viviwo o.
求你不叫我的心偏向邪惡, 以致我和作孽的人同行惡事; 也不叫我吃他們的美食。
5 Na ame dzɔdzɔe naƒom, enye dɔmenyo wòwɔ nam, na wòaka mo nam, enye ami wòsi ɖe ta nam. Nye ta magbe exɔxɔ o. Gake nye gbedodoɖa tsia tsitre ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe wɔnawo ŋu ɖaa,
任憑義人擊打我,這算為仁慈; 任憑他責備我,這算為頭上的膏油; 我的頭不要躲閃。 正在他們行惡的時候,我仍要祈禱。
6 woatutu woƒe dziɖulawo tso togbɛwo dzi aƒu agame, eye ame vɔ̃ɖiwo anya be megblɔ nye nyawo memie ɖe eteƒe.
他們的審判官被扔在巖下; 眾人要聽我的話,因為這話甘甜。
7 Woagblɔ be, “Abe ale si ame ŋlɔa nu hedzoboa anyigbae ene la, nenemae woakaka míaƒe ƒuwoe ɖe yɔdowo nu.” (Sheol h7585)
我們的骨頭散在墓旁, 好像人耕田、刨地的土塊。 (Sheol h7585)
8 O! Aƒetɔ Yehowa, meda nye ŋkuwo ɖe dziwò, mewòe mebe ɖo, mègatsɔm na ku o.
主-耶和華啊,我的眼目仰望你; 我投靠你,求你不要將我撇得孤苦!
9 Ɖem le mɔ siwo wotre nam la me, tso mɔkli si nu tovo wɔlawo ɖo ɖi la me.
求你保護我脫離惡人為我設的網羅 和作孽之人的圈套!
10 Na ame vɔ̃ɖiwo naɖo woawo ŋutɔ ƒe ɖɔwo me, ne matso eme ayi le dedinɔnɔ me.
願惡人落在自己的網裏, 我卻得以逃脫。

< Psalmowo 141 >