< Psalmowo 140 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me eye dzɔ ŋunye le ŋutsu ŋutasẽlawo ta,
大衛的詩,交與伶長。 耶和華啊,求你拯救我脫離凶惡的人, 保護我脫離強暴的人!
2 ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe dzi me, eye wodoa aʋa gbe sia gbe.
他們心中圖謀奸惡, 常常聚集要爭戰。
3 Wonyre woƒe aɖewo wole ɖaɖam abe da tɔ ene, eye da ƒe aɖi le woƒe nuyiwo ŋu. (Sela)
他們使舌頭尖利如蛇, 嘴裏有虺蛇的毒氣。 (細拉)
4 O! Yehowa, ɖem tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, dzɔ nye agbe ŋu le ŋutsu ŋutasẽlawo ta, ame siwo ɖo be woaɖe afɔ le tenye.
耶和華啊,求你拯救我脫離惡人的手, 保護我脫離強暴的人! 他們圖謀推我跌倒。
5 Dada tre mɔ da ɖe ɣaɣlaƒe nam, woɖo ɖɔ, keke eme da ɖi nam eye wotre azãwo da ɖe nye toƒe. (Sela)
驕傲人為我暗設網羅和繩索; 他們在路旁鋪下網,設下圈套。 (細拉)
6 O! Yehowa, megblɔ na wò be, “Wòe nye nye Mawu.” See, o Yehowa, se nye nublanuiɣli.
我曾對耶和華說:你是我的上帝。 耶和華啊,求你留心聽我懇求的聲音!
7 O! Aƒetɔ Yehowa, nye Ɖela sesẽ, ame si ɖɔ gakuku nam le aʋakpegbe.
主-耶和華、我救恩的力量啊, 在爭戰的日子,你遮蔽了我的頭。
8 O! Yehowa, mègana ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nava eme na wo o, eye mègana woƒe ɖoɖowo nadze edzi na wo o, ne menye nenema o la, woanɔ dadam. (Sela)
耶和華啊,求你不要遂惡人的心願; 不要成就他們的計謀,恐怕他們自高。 (細拉)
9 Na fukpekpe si ame siwo ɖe to ɖem ƒe nuyiwo he vɛ la, nanye tsyɔ woƒe ta dzi.
至於那些昂首圍困我的人, 願他們嘴唇的奸惡陷害自己!
10 Na dzoka xɔxɔwo nadza ɖe wo dzi; wonetsɔ wo ƒu gbe ɖe dzo me kple ʋe globowo me, eye womegafɔ akpɔ gbeɖe o.
願火炭落在他們身上! 願他們被丟在火中, 拋在深坑裏,不能再起來。
11 Ŋutsu ameŋugblẽlawo megali ke ɖe anyigba dzi o, eye gbegblẽ neva ŋutsu ŋutasẽlawo dzi.
說惡言的人在地上必堅立不住; 禍患必獵取強暴的人,將他打倒。
12 Menya be Yehowa tsoa afia na ame dahewo, eye wòxɔa nya ɖe hiãtɔwo nu.
我知道耶和華必為困苦人伸冤, 必為窮乏人辨屈。
13 Ame dzɔdzɔewo akafu wò ŋkɔ vavã, eye dzi dzɔdzɔetɔwo anɔ ŋkuwò me ɖaa.
義人必要稱讚你的名; 正直人必住在你面前。

< Psalmowo 140 >