< Psalmowo 14 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele wo dome si wɔa nu nyui o.
The fool has said in his heart, There is no God. They are corrupt, they have done abominable works, there is none that does good.
2 Yehowa bi kɔ kpɔ amegbetɔviwo ɖa tso dziƒo, be wòakpɔe ɖa be nugɔmesela aɖe le wo dome, eye wòdia Mawu vevie mahã?
The LORD looked down from heaven upon the children of men, to see if there were any that did understand, and seek God.
3 Wo katã wodze ɖe aga, wo katã tim wogblẽ; ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o, ɖeka pɛ gɔ̃ hã meli o.
They are all gone aside, they are all together become filthy: there is none that does good, no, not one.
4 Ɖe nu tovo wɔlawo, ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene, eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa?
Have all the workers of iniquity no knowledge? who eat up my people as they eat bread, and call not upon the LORD.
5 Ŋɔdzi lé wo ale gbegbe, elabena Mawu le ame dzɔdzɔewo ƒe hame.
There were they in great fear: for God is in the generation of the righteous.
6 Mi nu tovo wɔlawo, miegblẽ ame dahewo ƒe ɖoɖowo me, gake Yehowae nye woƒe sitsoƒe.
All of you have shamed the counsel of the poor, because the LORD is his refuge.
7 O! Xɔname ado tso Zion na Israel. Ne Yehowa gaɖo eƒe amewo ƒe nunyonamewo te la, na Yakob natso aseye, eye Israel nakpɔ dzidzɔ!
Oh that the salvation of Israel were come out of Zion! when the LORD brings back the captivity of his people, Jacob shall rejoice, and Israel shall be glad.

< Psalmowo 14 >