< Psalmowo 139 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, èdzro menye, eye nènyam.
(다윗의 시. 영장으로 한 노래) 여호와여, 주께서 나를 감찰하시고 아셨나이다
2 Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nènya nye susuwo tso adzɔge ke.
주께서 나의 앉고 일어섬을 아시며 멀리서도 나의 생각을 통촉하시오며
3 Ènya nye godoɣi kple nye anyimlɔɣi, ale nènya nye mɔwo katã nyuie.
나의 길과 눕는 것을 감찰하시며 나의 모든 행위를 익히 아시오니
4 O! Yehowa, hafi nya aɖe nava nye aɖe dzi la, ènya nya la katã xoxo.
여호와여, 내 혀의 말을 알지 못하시는 것이 하나도 없으시니이다
5 Ètsɔm ɖe tome, le megbe kple ŋgɔ siaa, eye nèɖo wò asi dzinye.
주께서 나의 전후를 두르시며 내게 안수하셨나이다
6 Nunya sia wɔ nuku nam akpa, nyemate ŋu aɖo afi ma o, elabena ekɔkɔ nam akpa.
이 지식이 내게 너무 기이하니 높아서 내가 능히 미치지 못하나이다
7 Afi ka madzo le wò Gbɔgbɔ la gbɔ ayi? Afi ka masi atso wò ŋkume ayi?
내가 주의 신을 떠나 어디로 가며 주의 앞에서 어디로 피하리이까
8 Ne meyi dziƒo la, èle afi ma, ne meɖo nye mlɔƒe ɖe gogloƒewo hã la, èle afi ma. (Sheol h7585)
내가 하늘에 올라갈지라도 거기 계시며 음부에 내 자리를 펼지라도 거기 계시니이다 (Sheol h7585)
9 Ne medzo yi yame le fɔŋli ƒe aʋalawo dzi, ne meyi ɖanɔ atsiaƒu ƒe mlɔenu ke hã la,
내가 새벽 날개를 치며 바다 끝에 가서 거할지라도
10 wò asi akplɔm, eye wò nuɖusi além ɖe asi sesĩe.
곧 거기서도 주의 손이 나를 인도하시며 주의 오른손이 나를 붙드시리이다
11 Ne megblɔ be, “Vavã, viviti la ana maɣla, eye kekeli azu zã aƒo xlãm” la,
내가 혹시 말하기를 흑암이 정녕 나를 덮고 나를 두른 빛은 밤이 되리라 할지라도
12 viviti la gɔ̃ hã mado blukɔ na wò o, zã aklẽ na wò abe ŋkeke ene, elabena viviti le na wò abe kekeli ene.
주에게서는 흑암이 숨기지 못하며 밤이 낮과 같이 비취나니 주에게는 흑암과 빛이 일반이니이다
13 Elabena wòe wɔ nye ememe ke; eye nèlém ƒo ƒu ɖe danye ƒe dɔ me.
주께서 내 장부를 지으시며 나의 모태에서 나를 조직하셨나이다
14 Mekafu wò, elabena èwɔm ŋɔdzitɔe kple nukutɔe. Wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, menya esia nyuie.
내가 주께 감사하옴은 나를 지으심이 신묘막측하심이라 주의 행사가 기이함을 내 영혼이 잘 아나이다
15 Nye ameti blibo la, mele ɣaɣla ɖe wò o, esi nèwɔm le ɣaɣlaƒe. Esi wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me le anyigba ƒe gogloƒe la,
내가 은밀한 데서 지음을 받고 땅의 깊은 곳에서 기이하게 지음을 받은 때에 나의 형체가 주의 앞에 숨기우지 못하였나이다
16 wò ŋkuwo kpɔ ale si menye ʋukɔe. Ŋkeke siwo katã woɖo nam la, woŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me hafi ŋkeke gbãtɔ dze egɔme.
내 형질이 이루기 전에 주의 눈이 보셨으며 나를 위하여 정한 날이 하나도 되기 전에 주의 책에 다 기록이 되었나이다
17 O! Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ! Wò susuwo sɔ gbɔ loo!
하나님이여, 주의 생각이 내게 어찌 그리 보배로우신지요 그 수가 어찌 그리 많은지요
18 Ne mebe maxlẽ wo la, woasɔ gbɔ wu ke. Ne menyɔ tso alɔ̃ me la, megale gbɔwò ko.
내가 세려고 할지라도 그 수가 모래보다 많도소이다 내가 깰 때에도 오히려 주와 함께 있나이다
19 O! Mawu, negbe ɖe nàtsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hafi! Mite ɖa le gbɔnye, mi hlɔ̃dolawo!
하나님이여, 주께서 정녕히 악인을 죽이시리이다 피흘리기를 즐기는 자들아 나를 떠날지어다
20 Woƒoa nu tso ŋutiwò kple susu baɖa, wò futɔwo wɔa wò ŋkɔ ŋu dɔ yakayaka.
저희가 주를 대하여 악하게 말하며 주의 원수들이 헛되이 주의 이름을 칭하나이다
21 O! Yehowa, ɖe nyemelé fu ame siwo lé fu wò, eye menyɔ ŋu ame siwo tso ɖe ŋuwò oa?
여호와여, 내가 주를 미워하는 자를 미워하지 아니하오며 주를 치러 일어나는 자를 한하지 아니하나이까
22 Fuléle koe le asinye na wo, eye mebu wo nye ketɔwoe.
내가 저희를 심히 미워하니 저희는 나의 원수니이다
23 Dzro menye, o Mawu, eye nànya nye dzi; dom kpɔ, eye nànya nye susu si tsi dzodzodzoe.
하나님이여, 나를 살피사 내 마음을 아시며 나를 시험하사 내 뜻을 아옵소서
24 Kpɔe ɖa be mɔtatra aɖe le menye hã, eye nàkplɔm to mɔ mavɔtɔ la dzi.
내게 무슨 악한 행위가 있나 보시고 나를 영원한 길로 인도하소서

< Psalmowo 139 >