< Psalmowo 138 >
1 David ƒe ha. O! Yehowa, makafu wò kple nye dzi blibo; madzi wò kafukafuha le mawuwo ŋkume.
大衛的詩。 我要一心稱謝你, 在諸神面前歌頌你。
2 Made ta agu do ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ, eye makafu wò ŋkɔ, le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta, elabena èkɔ, wò ŋkɔ kple wò nya gbɔ nu sia nu ta sãsãsã.
我要向你的聖殿下拜, 為你的慈愛和誠實稱讚你的名; 因你使你的話顯為大, 過於你所應許的。
3 Ètɔ nam esi meyɔ wò, eye nède dzi ƒo nam, hedo ŋusẽ nye dzi.
我呼求的日子,你就應允我, 鼓勵我,使我心裏有能力。
4 O! Yehowa, anyigbadzifiawo katã akafu wò, ne wose wò numenya.
耶和華啊,地上的君王都要稱謝你, 因他們聽見了你口中的言語。
5 Na woadzi ha le Yehowa ƒe mɔwo ŋu, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe lolo.
他們要歌頌耶和華的作為, 因耶和華大有榮耀。
6 Togbɔ be Yehowa le dzi me ke hã la, ekpɔa ame dahewo gbɔ, ke edzea si dadala tso adzɔge.
耶和華雖高,仍看顧低微的人; 他卻從遠處看出驕傲的人。
7 Togbɔ be mele zɔzɔm le xaxa me hã la, èkpɔ nye agbe ta, eye nèkɔ wò asi dzi do ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, hetsɔ wò nuɖusi xɔ nam.
我雖行在患難中,你必將我救活; 我的仇敵發怒,你必伸手抵擋他們; 你的右手也必救我。
8 Yehowa ana eƒe ta me si wòɖo ɖe ŋunye la nava eme. O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ li ɖaa, mègagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo ɖi o.
耶和華必成全關乎我的事; 耶和華啊,你的慈愛永遠長存! 求你不要離棄你手所造的。