< Psalmowo 133 >
1 David ƒe Mɔzɔha. Aleke wohenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo nɔ teƒe ɖeka le ɖekawɔwɔ me!
Nyanyian ziarah Daud. Alangkah baiknya dan senangnya, kalau umat Allah hidup rukun!
2 Ele abe ami xɔasi si wokɔ ɖe ta me, eye wòtsra va kɔ ɖe ge me ene, ɛ̃, etsra kɔ ɖe Aron ƒe ge me hetsyɔ ɖe eƒe awu ƒe kɔme.
Itu seperti minyak wangi berharga yang dituangkan ke atas kepala Harun, lalu turun ke leher bajunya.
3 Ele abe Hermon zãmue le dzadzam ɖe Zion to dzi ene, elabena afi mae Yehowa kɔ yayra kple agbe gɔ̃ hã ɖo tegbetegbe.
Atau seperti embun di Gunung Hermon, yang turun ke bukit-bukit Sion. Di sanalah TUHAN menurunkan berkat-Nya, kehidupan untuk selama-lamanya.