< Psalmowo 132 >

1 Mɔzɔha. O! Yehowa, ɖo ŋku David kple fukpekpe siwo katã me wòto la dzi.
京まうでの歌 ヱホバよねがはくはダビデの爲にそのもろもろの憂をこころに記たまヘ
2 Eka atam na Yehowa, eye wòɖe adzɔgbe na Yakob ƒe Ŋusẽtɔ la be,
ダビデ、ヱホバにちかひヤコブの全能者にうけひていふ
3 “Nyemage ɖe aƒenye me, alo aɖamlɔ nye aba dzi o.
4 Nyemana nye ŋkuwo nadɔ alɔ̃, alo nye aɖaba nadɔ akɔlɔ̃e o,
5 va se ɖe esime mekpɔ teƒe na Yehowa kple nɔƒe na Yakob ƒe ŋusẽtɔ la.”
われヱホバのために處をたづねいだし ヤコブの全能者のために居所をもとめうるまでは 我家の幕屋にいらず わが臥床にのぼらず わが目をねぶらしめず わが眼瞼をとぢしめざるべしと
6 Míesee le Efrata, eye míedo goe le Yaar gbegbe be,
われらエフラタにて之をききヤアルの野にて見とめたり
7 “Mina míayi ɖe enɔƒe, mina míade ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ.
われらはその居所にゆきて その承足のまへに俯伏さん
8 O! Yehowa, tso, ne nàva wò gbɔɖemeƒe, wò kple wò ŋusẽ ƒe nubablaɖaka la gbɔ.
ヱホバよねがはくは起きて なんぢの稜威の櫃とともになんぢの安居所にいりたまへ
9 Wò nunɔlawo nedo dzɔdzɔenyenye ƒe awu, eye wò ame kɔkɔewo nedzi ha le dzidzɔkpɔkpɔ ta.”
なんぢの祭司たちは義を衣 なんぢの聖徒はみな歓びよばふべし
10 Le David, wò dɔla ta la, mègagbe wò amesiamina la o.
なんぢの僕ダビデのためになんぢの受膏者の面をしりぞけたまふなかれ
11 Yehowa ka atam na David; eka atam vavã si matu o la be, “Matsɔ wò ŋutɔ wò dzidzimevi aɖo fiae ɖe wò fiazikpui dzi.
ヱホバ眞實をもてダビデに誓ひたまひたれば之にたがふことあらじ 曰くわれなんぢの身よりいでし者をなんぢの座位にざせしめん
12 Nenema ke ne viwò ŋutsuwo lé nye nubabla kple nye se siwo mefia wo me ɖe asi la, ekema wo viwo anɔ wò fiazikpui dzi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.”
なんぢの子輩もしわがをしふる契約と證詞とをまもらばかれらの子輩もまた永遠になんぢの座位にざすべしと
13 Elabena Yehowa tia Zion, eye wòtiae be wòanye ye nɔƒe be,
ヱホバはシオンを擇びておのが居所にせんとのぞみたまへり
14 “Esia nye nye gbɔɖemeƒe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, afi siae manɔ fiazikpui dzi le gli, elabena nye ŋutɔe tiae.”
曰くこれは永遠にわが安居處なり われここに住ん そはわれ之をのぞみたればなり
15 Matsɔ nu nyui geɖewo ayrae, eye matsɔ nuɖuɖu aɖi ƒoe na eƒe ame dahewo.
われシオンの糧をゆたかに祝し くひものをもてその貧者をあかしめん
16 Mado xɔxɔ ƒe awu na eƒe nunɔlawo, eye eƒe ame kɔkɔewo adzi ha le dzidzɔkpɔkpɔ ta tegbetegbe.
われ救をもてその祭司たちに衣せん その聖徒はみな聲たからかによろこびよばふべし
17 “Le afi sia, mana dzo nado na David, eye masi akaɖi aɖo anyi na nye amesiamina la.
われダビデのためにかしこに一つの角をはえしめん わが受膏者のために燈火をそなへたり
18 Matsɔ ŋukpe ado na eƒe futɔwo, ke fiakuku si anɔ eƒe ta la, anɔ keklẽm.”
われかれの仇にはぢを衣せん されどかれはその冠弁さかゆべし

< Psalmowo 132 >