< Psalmowo 131 >

1 David ƒe Mɔzɔha. O! Yehowa, dada mele nye dzi me o, eye ŋku gã hã mele tanye o. Nyemetsɔa ɖeke le nya gãwo me loo, alo ƒoa ta ɖe nu siwo wɔ nuku nam akpa la me o,
A Song of Ascents. By David. Yahweh, my heart isn’t arrogant, nor my eyes lofty; nor do I concern myself with great matters, or things too wonderful for me.
2 gake mena nye luʋɔ zi ɖoɖoe, heli kpoo abe ale si ɖevi si ɖi no la nɔa dadaa ƒe akɔnu ene, eye nye luʋɔ le abe ɖevi si ɖi no la ene.
Surely I have stilled and quieted my soul, like a weaned child with his mother, like a weaned child is my soul within me.
3 O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔmavɔ me ke.
Israel, hope in Yahweh, from this time forward and forever more.

< Psalmowo 131 >