< Psalmowo 130 >

1 Mɔzɔha. O! Yehowa, mele koko ƒom na wò tso nye dzi me ke.
上主,我由深淵向呼號您,
2 O! Aƒetɔ, ɖo to nye gbe. Wò to nenɔ te nàse nye nublanuiɣli.
我主,求您俯聽我的呼號,求您側耳俯我的哀禱!
3 O! Yehowa, ne àlé amewo ƒe nu vɔ̃wo ɖe agbalẽ me ada ɖi la, O! Aƒetɔ, ame ka ate ŋu anɔ te?
上主,您若細察我的罪辜,我主!有誰還能站得住?
4 Ke wò la, tsɔtsɔke le gbɔwò, eya ta wovɔ̃a wò ɖo.
上主,您以寬恕為懷,令人對您起敬起愛。
5 Mele Yehowa ƒe asinu kpɔm, nye luʋɔ le lalam, eye metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe nya dzi.
我仰望上主,我靈期待祂的聖言;
6 Nye luʋɔ le lalam na Aƒetɔ la wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke; mebe wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke.
我靈等候我主,切於更夫的待旦,
7 O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi, elabena lɔlɔ̃ matrɔ le Yehowa si, eye ɖeɖe blibo le eya amea gbɔ.
請以色列仰賴上主,應切於更夫待旦,因為上主富於仁慈,祂必慷慨救援。
8 Eya ŋutɔ aɖe Israel tso eƒe nu vɔ̃wo katã me.
祂必要拯救以色列人,脫離一切所有的罪根。

< Psalmowo 130 >