< Psalmowo 13 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi? Ɖe nàŋlɔm be ɖikaɖika? Va se ɖe ɣe ka ɣi nàɣla wò ŋkume ɖem?
למנצח מזמור לדוד
2 Va se ɖe ɣe ka ɣi mawɔ avu kple nye tamesusu, eye gbe sia gbe nuxaxa nayɔ nye dzi me? Va se ɖe ɣe ka ɣi nye futɔwo aɖu dzinye?
עד-אנה יהוה תשכחני נצח עד-אנה תסתיר את-פניך ממני
3 Kpɔm ɖa, eye nàɖo nya ŋu nam, O! Yehowa, nye Mawu. Na kekeli naklẽ ɖe nye ŋkuwo dzi, ne menye nenema o la, madɔ alɔ̃ ayi ku me.
עד-אנה אשית עצות בנפשי-- יגון בלבבי יומם עד-אנה ירום איבי עלי
4 Ekema nye futɔwo agblɔ be, “Meɖu edzi,” eye nye ketɔwo akpɔ dzidzɔ ne medze anyi.
הביטה ענני יהוה אלהי האירה עיני פן-אישן המות
5 Ke nye ya meɖo dzi ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu, nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti.
פן-יאמר איבי יכלתיו צרי יגילו כי אמוט
6 Madzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nyui nam.
ואני בחסדך בטחתי-- יגל לבי בישועתך אשירה ליהוה כי גמל עלי

< Psalmowo 13 >