< Psalmowo 128 >
1 Mɔzɔha. Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi.
不拘您是誰,只要您敬愛上主,在祂的道路上行走,就算有福!
2 Àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ ƒe kutsetse, eye yayra kple dzidzedze anye tɔwò gome.
您能吃您雙賺來食物,您便幸福!
3 Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me; viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.
妻子住在您的內室,像一株葡萄樹結實纍纍;您的子女繞著您的桌椅,相似橄欖樹的枝葉茂密。
4 Kpɔ ɖa, aleae woyraa ŋutsu si vɔ̃a Yehowa lae.
的確,誰敬愛上主,必受這樣的祝福!
5 Yehowa neyra wò tso Zion le wò agbemeŋkekewo katã me, eye àkpɔ Yerusalem ƒe dzidzedze.
惟願上主由熙雍聖山向您祝福,使您一生得見耶路撒冷的福祿,
6 Ànɔ agbe akpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.
使您目睹您的子女的子女,見到以色列的平安富足。