< Psalmowo 127 >

1 Solomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, etulawo le agbagba dzem dzodzro. Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.
A song of ascents. Of Solomon. Unless the Lord builds the house, those who build it labor in vain. Unless the Lord guards the city, the watchman wakes in vain.
2 Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi, henɔa agbagba dzem le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ, ke ame siwo wòlɔ̃na la, enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme.
In vain you rise early, and finish so late, and so eat sorrow’s bread; for he cares for his loved ones in their sleep.
3 Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.
Children are a gift of the Lord, the fruit of the womb, a reward.
4 Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la, le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene.
Like arrows wielded by warriors, are the children of youth.
5 Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu. Ŋu makpe wo o, ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me.
Happy the man who has filled his quiver full of them. He will not be ashamed when he speaks with enemies in the gate.

< Psalmowo 127 >