< Psalmowo 126 >

1 Mɔzɔha. Esi Yehowa kplɔ aboyomeyilawo gbɔe va Zion la, míenɔ abe drɔ̃ekulawo ene.
שיר המעלות בשוב יהוה את-שיבת ציון-- היינו כחלמים
2 Nukoko yɔ míaƒe nu me fũu, eye dzidzɔhawo yɔ míaƒe aɖewo dzi. Tete wogblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowa wɔ nu gã na wo ameawo.”
אז ימלא שחוק פינו-- ולשוננו רנה אז יאמרו בגוים-- הגדיל יהוה לעשות עם-אלה
3 Nyateƒee, Yehowa wɔ nu gãwo na mí, eya ta dzidzɔ yɔ mía me.
הגדיל יהוה לעשות עמנו-- היינו שמחים
4 O! Yehowa, gaɖo míaƒe nunyonamewo te, abe tɔʋu si le Gbegbe ene.
שובה יהוה את-שבותנו (שביתנו)-- כאפיקים בנגב
5 Ame siwo ƒã nu kple aɖatsi la, axa nu kple dzidzɔhawo.
הזרעים בדמעה-- ברנה יקצרו
6 Ame si do go le nukuwo ƒãm kple aɖatsi la atrɔ agbɔ kple dzidzɔhawo, atsɔ lu bablawo agbɔe.
הלוך ילך ובכה-- נשא משך-הזרע בא-יבא ברנה-- נשא אלמתיו

< Psalmowo 126 >