< Psalmowo 125 >

1 Mɔzɔha. Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la le abe Zion to si meʋãna o, eye wònɔa anyi ɖikaa la ene.
都もうでの歌 主に信頼する者は、動かされることなくて、とこしえにあるシオンの山のようである。
2 Abe ale si towo ƒo xlã Yerusalem ene la, nenema Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ lae, tso fifia yi ɖe mavɔ me.
山々がエルサレムを囲んでいるように、主は今からとこしえにその民を囲まれる。
3 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba si woka na ame dzɔdzɔewo la dzi o, ne menye nenema o la, ame dzɔdzɔewo ava tsɔ woƒe asi awɔ nu vɔ̃ɖii.
これは悪しき者のつえが正しい者の所領にとどまることなく、正しい者がその手を不義に伸べることのないためである。
4 O! Yehowa, wɔ nyui na nu nyui wɔlawo, ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka.
主よ、善良な人と、心の正しい人とに、さいわいを施してください。
5 Ke ame siwo trɔ ɖe mɔ gɔglɔ̃ dzi la, Yehowa atsɔ wo aƒu gbe, kpe ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.
しかし転じて自分の曲った道に入る者を主は、悪を行う者と共に去らせられる。イスラエルの上に平安があるように。

< Psalmowo 125 >