< Psalmowo 124 >

1 David ƒe mɔzɔha. Ne menye Yehowae le mía dzi o la, Israel negblɔ be,
David ƒe mɔzɔha. Ne menye Yehowae le mía dzi o la, Israel negblɔ be,
2 “Ɖe menye Yehowae le mía dzi o la, esi amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu,
“Ɖe menye Yehowae le mía dzi o la, esi amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu,
3 eye woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu la, anye ne womi mí agbagbee,
eye woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu la, anye ne womi mí agbagbee,
4 anye ne tsi ɖe mí hesi to mía dzi,
anye ne tsi ɖe mí hesi to mía dzi,
5 anye ne tɔ dzeagbowo kplɔ mí dzoe.”
anye ne tɔ dzeagbowo kplɔ mí dzoe.”
6 Woakafu Yehowa, ame si meɖe mɔ be woavuvu mí kple woƒe aɖu o.
Woakafu Yehowa, ame si meɖe mɔ be woavuvu mí kple woƒe aɖu o.
7 Míesi abe xevi si do le mɔtrela ƒe mɔka me la ene; mɔka la tso, eye míesi dzo.
Míesi abe xevi si do le mɔtrela ƒe mɔka me la ene; mɔka la tso, eye míesi dzo.
8 Míaƒe xɔname le Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ.
Míaƒe xɔname le Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ.

< Psalmowo 124 >