< Psalmowo 123 >
1 Mɔzɔha. Mewu mo dzi na wò, wò ame si ƒe fiazikpui le dziƒo.
上行之诗。 坐在天上的主啊, 我向你举目。
2 Abe ale si kluviwo kpɔa woƒe aƒetɔ ƒe asinu kple kosiviwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒenɔ ƒe asinu kpɔmii ene la, nenemae míele Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe asinu kpɔmii, va se ɖe esime wòakpɔ nublanui na mí.
看哪,仆人的眼睛怎样望主人的手, 使女的眼睛怎样望主母的手, 我们的眼睛也照样望耶和华—我们的 神, 直到他怜悯我们。
3 O! Yehowa, kpɔ nublanui na mí, O! Kpɔ míaƒe nublanui, elabena míenɔ te ɖe vlododo nu eteƒe didi.
耶和华啊,求你怜悯我们,怜悯我们! 因为我们被藐视,已到极处。
4 Míetsɔ dadalawo ƒe alɔmeɖeɖe gbogboawo, eye míenɔ te ɖe ɖokuiŋudzelawo ƒe vlodoame gbogboawo nu eteƒe didi.
我们被那些安逸人的讥诮 和骄傲人的藐视,已到极处。