< Psalmowo 122 >

1 David ƒe mɔzɔha. Mekpɔ dzidzɔ kple ame siwo gblɔ nam be, “Mina míayi Yehowa ƒe aƒe me.”
大卫上行之诗。 人对我说:我们往耶和华的殿去, 我就欢喜。
2 O! Yerusalem, míaƒe afɔwo le wò agbowo nu.
耶路撒冷啊, 我们的脚站在你的门内。
3 Wotso Yerusalem, eye nèle abe du si tsyia ɖe wo nɔewo nu ene.
耶路撒冷被建造, 如同连络整齐的一座城。
4 Afi ma to vovovoawo yina, Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa, le ɖoɖo si wòna Israel nu.
众支派,就是耶和华的支派,上那里去, 按以色列的常例称赞耶和华的名。
5 Afi ma woɖo ʋɔnudrɔ̃zikpuiwo ɖo, David ƒe aƒe la ƒe fiazikpuiwo.
因为在那里设立审判的宝座, 就是大卫家的宝座。
6 Mido gbe ɖa, abia ŋutifafa na Yerusalem be, “Ame siwo lɔ̃ wò la nenɔ dedie.
你们要为耶路撒冷求平安! 耶路撒冷啊,爱你的人必然兴旺!
7 Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me kple dedinɔnɔ le wò fiasãwo me.”
愿你城中平安! 愿你宫内兴旺!
8 Le nɔvinye ŋutsuwo kple xɔ̃nyewo ta, magblɔ be, “Ŋutifafa nenɔ mewò.”
因我弟兄和同伴的缘故,我要说: 愿平安在你中间!
9 Le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe aƒe la ta, madi dzidzedze na wò.
因耶和华—我们 神殿的缘故, 我要为你求福!

< Psalmowo 122 >