< Psalmowo 121 >

1 Mɔzɔha. Mewu mo dzi ɖe togbɛawo ŋu, afi ka nye xɔname atso ava?
Mɔzɔha. Mewu mo dzi ɖe togbɛawo ŋu, afi ka nye xɔname atso ava?
2 Nye xɔname atso Yehowa, ame si wɔ dziƒo kple anyigba la gbɔ.
Nye xɔname atso Yehowa, ame si wɔ dziƒo kple anyigba la gbɔ.
3 Mana wò afɔ naɖiɖi o, eya ame si dzɔa ŋuwò la madɔ akɔlɔ̃e o.
Mana wò afɔ naɖiɖi o, eya ame si dzɔa ŋuwò la madɔ akɔlɔ̃e o.
4 Vavã, eya ame si dzɔa Israel ŋu la, madɔ akɔlɔ̃e loo, alo adɔ alɔ̃ o.
Vavã, eya ame si dzɔa Israel ŋu la, madɔ akɔlɔ̃e loo, alo adɔ alɔ̃ o.
5 Yehowae nye tawòkpɔla, Yehowae nye wò vɔvɔli le wò nuɖusime
Yehowae nye tawòkpɔla, Yehowae nye wò vɔvɔli le wò nuɖusime
6 eya ta ɣe maɖu wò le ŋkeke me loo, alo ɣleti le zã me o.
eya ta ɣe maɖu wò le ŋkeke me loo, alo ɣleti le zã me o.
7 Yehowa aɖe wò le vɔ̃wo katã me, eye wòakpɔ wò agbe ta.
Yehowa aɖe wò le vɔ̃wo katã me, eye wòakpɔ wò agbe ta.
8 Yehowa adzɔ wò vava kple wò dzodzo ŋuti, fifia yi ɖase mavɔmavɔ me.
Yehowa adzɔ wò vava kple wò dzodzo ŋuti, fifia yi ɖase mavɔmavɔ me.

< Psalmowo 121 >