< Psalmowo 12 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe seminit ŋu. Xɔ nam, Yehowa elabena, mawuvɔ̃lawo megali o, eye nuteƒewɔlawo bu le amegbetɔwo dome. 2 Ame sia ame kaa aʋatso na ehavi, eye wovivia nu me, elabena woƒe nuyiwo blea ame. 3 Yehowa nelã beblenuyiwo katã kple aɖe siwo doa wo ɖokui ɖe dzi 4 hegblɔna be, “Míaɖu dzi kple míaƒe aɖewo, míaƒe nuyiwo nye mía tɔ, ame kae aɖu amegã ɖe mía dzi?” 5 Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to, eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ. Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.” 6 Kpɔtsɔtsɔ mele Yehowa ƒe nyawo ŋuti o, wole abe klosalo si wololo le anyikpo me, eye wòdza zi gbɔ zi adre la ene. 7 Ame vɔ̃ɖiwo zɔna le ablɔɖe me, eye wodea bubu yakanuwɔwɔwo ŋu le amegbetɔwo dome. 8 O! Yehowa, àna míanɔ dedie, eye àdzɔ mía ŋu tso ame siawo tɔgbi ƒe asi me tegbetegbe.

< Psalmowo 12 >