< Psalmowo 119 >

1 Woayra ame siwo kpɔtsɔtsɔ mele woƒe mɔwo ŋu o, ame siwo zɔna ɖe Yehowa ƒe se la nu.
Alleluja. [Aleph Beati immaculati in via, qui ambulant in lege Domini.
2 Woayra ame siwo léa eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye wodinɛ kple woƒe dzi blibo.
Beati qui scrutantur testimonia ejus; in toto corde exquirunt eum.
3 Womewɔa vɔ̃ aɖeke o; ke boŋ wozɔna le eƒe mɔwo dzi.
Non enim qui operantur iniquitatem in viis ejus ambulaverunt.
4 Èwɔ se siwo dzi wòle be woawɔ ɖo blibo la da ɖi.
Tu mandasti mandata tua custodiri nimis.
5 O! Ɖe nye mɔwo li ke sesĩe le wò sewo dzi wɔwɔ me la, anyo ŋutɔ.
Utinam dirigantur viæ meæ ad custodiendas justificationes tuas.
6 Ekema ŋu makpem ne mebu wò sewo katã ŋu o.
Tunc non confundar, cum perspexero in omnibus mandatis tuis.
7 Makafu wò le dzi dzɔdzɔe me, ne mele wò se dzɔdzɔeawo srɔ̃m.
Confitebor tibi in directione cordis, in eo quod didici judicia justitiæ tuæ.
8 Mawɔ ɖe wò sededewo dzi, eya ta mègagblẽm ɖi keŋkeŋ o.
Justificationes tuas custodiam; non me derelinquas usquequaque.
9 Aleke ɖekakpui awɔ, be eƒe mɔ dzi nanɔ dzadzɛe ɣe sia ɣi? To agbenɔnɔ ɖe wò nya la nu mee.
Beth In quo corrigit adolescentior viam suam? in custodiendo sermones tuos.
10 Madi wò kple nye dzi blibo, eya ta mègana matra tso wò sewo gbɔ o.
In toto corde meo exquisivi te; ne repellas me a mandatis tuis.
11 Meɣla wò nya ɖe nye dzi me, be nyemawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò o.
In corde meo abscondi eloquia tua, ut non peccem tibi.
12 O! Yehowa, woakafu wò ɖaa; fia wò sededewom.
Benedictus es, Domine; doce me justificationes tuas.
13 Matsɔ nye nu axlẽ se siwo katã do tso wò nu me la afia.
In labiis meis pronuntiavi omnia judicia oris tui.
14 Melé wò ɖoɖowo me ɖe asi dzidzɔtɔe, abe ale si ame kpɔa dzidzɔ ɖe kesinɔnu gbogbowo ŋu ene.
In via testimoniorum tuorum delectatus sum, sicut in omnibus divitiis.
15 Mede ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu, eye melé ŋku ɖe wò mɔwo ŋu.
In mandatis tuis exercebor, et considerabo vias tuas.
16 Wò sededewo doa dzidzɔ nam, nyemaŋlɔ wò nya la be o.
In justificationibus tuis meditabor: non obliviscar sermones tuos.
17 Wɔ nyui na wò dɔla, be manɔ agbe. Mawɔ wò nya la dzi.
Ghimel Retribue servo tuo, vivifica me, et custodiam sermones tuos.
18 Ʋu nye ŋkuwo be makpɔ nukunuwo le wò se la me.
Revela oculos meos, et considerabo mirabilia de lege tua.
19 Amedzroe menye le anyigba dzi, eya ta mègaɣla wò sededewo ɖem o.
Incola ego sum in terra: non abscondas a me mandata tua.
20 Nu te nye luʋɔ ŋu, le wò sewo yometiti ɣe sia ɣi ta.
Concupivit anima mea desiderare justificationes tuas in omni tempore.
21 Èka mo na dadalawo, ame siwo woƒo fi de, eye wotra tso wò sewo gbɔ.
Increpasti superbos; maledicti qui declinant a mandatis tuis.
22 Ɖe ŋukpe kple vlododo ɖa le ŋunye, elabena melé wò sewo me ɖe asi.
Aufer a me opprobrium et contemptum, quia testimonia tua exquisivi.
23 Togbɔ be dziɖulawo nɔ anyi ɖe teƒe ɖeka, eye wole ŋunye gblẽm hã la, wò dɔla ade ŋugble le wò sededewo ŋu.
Etenim sederunt principes, et adversum me loquebantur; servus autem tuus exercebatur in justificationibus tuis.
24 Wò ɖoɖowo dzɔa dzi nam; wonye nye aɖaŋuɖolawo.
Nam et testimonia tua meditatio mea est, et consilium meum justificationes tuæ.
25 Wotsɔm mlɔ anyigba le ke me, kpɔ nye agbe ta le wò nya la nu.
Daleth Adhæsit pavimento anima mea: vivifica me secundum verbum tuum.
26 Mexlẽ nye mɔwo fia, eye nèɖo tom. Fia wò sededewom.
Vias meas enuntiavi, et exaudisti me; doce me justificationes tuas.
27 Na mase wò sewo ƒe nufiafia gɔme; ekema made ŋugble le wò nukunuwo ŋu.
Viam justificationum tuarum instrue me, et exercebor in mirabilibus tuis.
28 Nuxaxa na nye luʋɔ gbɔdzɔ; do ŋusẽm le wò nya la nu.
Dormitavit anima mea præ tædio: confirma me in verbis tuis.
29 Ɖem le alakpamɔwo dzi, eye nàve nunye to wò se la dzi.
Viam iniquitatis amove a me, et de lege tua miserere mei.
30 Metia nyateƒe ƒe mɔ, eye nye dzi ku ɖe wò sewo ŋu.
Viam veritatis elegi; judicia tua non sum oblitus.
31 Meku ɖe wò sewo ŋu vevie, o Yehowa, eya ta mègana ŋu nakpem o.
Adhæsi testimoniis tuis, Domine; noli me confundere.
32 Mele du dzi le wò sewo ƒe mɔ dzi, elabena èna nye dzi gbɔ ɖe me.
Viam mandatorum tuorum cucurri, cum dilatasti cor meum.
33 O, Yehowa, fia ale si madze wò sededewo yomee lam, ekema malé wo me ɖe asi va se ɖe nuwuwu.
He Legem pone mihi, Domine, viam justificationum tuarum, et exquiram eam semper.
34 Na gɔmesesem, ekema malé wò se la me ɖe asi, eye mawɔ edzi kple nye dzi blibo.
Da mihi intellectum, et scrutabor legem tuam, et custodiam illam in toto corde meo.
35 Dam ɖe wò sededewo ƒe mɔ dzi, elabena afi ma mekpɔa dzidzɔ le.
Deduc me in semitam mandatorum tuorum, quia ipsam volui.
36 Trɔ nye dzi ɖe wò sewo ŋu, ke menye ɖe ɖokuitɔdidi ƒe viɖe ŋu o.
Inclina cor meum in testimonia tua, et non in avaritiam.
37 Ɖe nye ŋku ɖa le nu maɖinuwo ŋu, eye nàɖe nye agbe le wò nya la nu.
Averte oculos meos, ne videant vanitatem; in via tua vivifica me.
38 Wɔ wò ŋugbedodo la dzi na wò dɔla, ale be woavɔ̃ wò.
Statue servo tuo eloquium tuum in timore tuo.
39 Ɖe ŋukpe si vɔ̃m mele la ɖa, elabena wò sewo nyo.
Amputa opprobrium meum quod suspicatus sum, quia judicia tua jucunda.
40 Mele wò sewo dim vevie ŋutɔ! Le wò dzɔdzɔenyenye ta, ɖe nye agbe.
Ecce concupivi mandata tua: in æquitate tua vivifica me.
41 O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la neva gbɔnye; nenema kee nye wò xɔname hã le wò ŋugbedodo la nu,
Vau Et veniat super me misericordia tua, Domine; salutare tuum secundum eloquium tuum.
42 ekema maɖo eŋu na ame si le alɔme ɖem le ŋunye, elabena meka ɖe wò nya dzi.
Et respondebo exprobrantibus mihi verbum, quia speravi in sermonibus tuis.
43 Mègaɖe nyateƒe ƒe nya la le nye nu me o, elabena meda nye mɔkpɔkpɔ ɖe wò sewo dzi.
Et ne auferas de ore meo verbum veritatis usquequaque, quia in judiciis tuis supersperavi.
44 Mawɔ ɖe wò se la dzi ɣe sia ɣi, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
Et custodiam legem tuam semper, in sæculum et in sæculum sæculi.
45 Mazɔ le ablɔɖe me, elabena medi wò ɖoɖowo yomemɔ.
Et ambulabam in latitudine, quia mandata tua exquisivi.
46 Maƒo nu tso wò sewo ŋu le fiawo ŋkume, eye ŋu makpem o.
Et loquebar in testimoniis tuis in conspectu regum, et non confundebar.
47 Wò sededewo doa dzidzɔ nam, elabena melɔ̃a wo.
Et meditabar in mandatis tuis, quæ dilexi.
48 Medo nye asiwo ɖe dzi na wò sedede siwo melɔ̃ la, eye mede ŋugble le wò sededewo ŋu.
Et levavi manus meas ad mandata tua, quæ dilexi, et exercebar in justificationibus tuis.
49 Ɖo ŋku nya si nègblɔ na wò dɔla la dzi, elabena ètsɔ mɔkpɔkpɔ de menye.
Zain Memor esto verbi tui servo tuo, in quo mihi spem dedisti.
50 Esiae nye nye akɔfafa le nye fukpekpe me, be wò ŋugbedodo ɖe nye agbe.
Hæc me consolata est in humilitate mea, quia eloquium tuum vivificavit me.
51 Dadalawo ɖua fewu le ŋunye faa, gake nyemetrɔ le wò se la yome o.
Superbi inique agebant usquequaque; a lege autem tua non declinavi.
52 O! Yehowa, meɖo ŋku wò blemasewo dzi, elabena mekpɔa akɔfafa le wo me.
Memor fui judiciorum tuorum a sæculo, Domine, et consolatus sum.
53 Ŋɔdzi lém le ame vɔ̃ɖiwo ta, ame siwo gbe nu le wò se la gbɔ.
Defectio tenuit me, pro peccatoribus derelinquentibus legem tuam.
54 Afi sia afi si medze la, wò sewo nyea nye ha ƒe tanya.
Cantabiles mihi erant justificationes tuæ in loco peregrinationis meæ.
55 O! Yehowa, le zã me la, meɖoa ŋku wò ŋkɔ dzi, eye malé wò sewo me ɖe asi.
Memor fui nocte nominis tui, Domine, et custodivi legem tuam.
56 Esia nye tɔnye gome, elabena mewɔa wò ɖoɖowo dzi.
Hæc facta est mihi, quia justificationes tuas exquisivi.
57 O! Yehowa, wòe nye nye gomekpɔkpɔ, eya ta medo ŋugbe be mawɔ ɖe wò nyawo dzi.
Heth Portio mea, Domine, dixi custodire legem tuam.
58 Medi wò ŋkume kple nye dzi blibo, eya ta ve nunye le wò ŋugbedodo la nu.
Deprecatus sum faciem tuam in toto corde meo; miserere mei secundum eloquium tuum.
59 Melé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu, eye metrɔ nye afɔ ɖe wò nuɖoanyiwo ŋu.
Cogitavi vias meas, et converti pedes meos in testimonia tua.
60 Maɖe abla, nyemahe ɖe megbe o, be mawɔ ɖe wò sededewo dzi.
Paratus sum, et non sum turbatus, ut custodiam mandata tua.
61 Togbɔ be ame vɔ̃ɖiwo blam kple ka hã la, nyemaŋlɔ wò sewo be o.
Funes peccatorum circumplexi sunt me, et legem tuam non sum oblitus.
62 Mefɔ le zãtitina be mada akpe na wò ɖe wò se dzɔdzɔeawo ta.
Media nocte surgebam ad confitendum tibi, super judicia justificationis tuæ.
63 Menye xɔ̃ na ame siwo katã vɔ̃a wò kple ame siwo katã dze wò sewo yome.
Particeps ego sum omnium timentium te, et custodientium mandata tua.
64 O! Yehowa, anyigba dzi yɔ fũu kple wò lɔlɔ̃, eya ta fia wò sededewom.
Misericordia tua, Domine, plena est terra; justificationes tuas doce me.
65 O! Yehowa, wɔ nyui na wò dɔla le wò nya la nu.
Teth Bonitatem fecisti cum servo tuo, Domine, secundum verbum tuum.
66 Fia nunya kple afia nyui tsotsom, elabena mexɔ wò sededewo dzi se.
Bonitatem, et disciplinam, et scientiam doce me, quia mandatis tuis credidi.
67 Hafi woava aka hiãm la, metra mɔ, ke azɔ la, meɖo to wò nya la.
Priusquam humiliarer ego deliqui: propterea eloquium tuum custodivi.
68 Wò la, ènyo, eye nu si nèwɔ la hã nyo, eya ta fia wò sededewom.
Bonus es tu, et in bonitate tua doce me justificationes tuas.
69 Togbɔ be dadalawo tsɔ alakpa sisi ɖe ŋunye keŋ hã la, melé wò sewo me ɖe asi kple nye dzi blibo.
Multiplicata est super me iniquitas superborum; ego autem in toto corde meo scrutabor mandata tua.
70 Woƒe dzi ku atri, eye megasea naneke o, ke nye la, mekpɔa dzidzɔ ɖe wò se la ŋu.
Coagulatum est sicut lac cor eorum; ego vero legem tuam meditatus sum.
71 Enyo be woka hiãm, ale be mate ŋu asrɔ̃ wò sededewo.
Bonum mihi quia humiliasti me, ut discam justificationes tuas.
72 Se siwo do tso wò nu me la xɔ asi nam wu sika kple klosalo akpewo.
Bonum mihi lex oris tui, super millia auri et argenti.
73 Wò asie wɔm, eye wò asimee medo tso; tsɔ gɔmesese nam, be masrɔ̃ wò sededewo.
Jod Manus tuæ fecerunt me, et plasmaverunt me: da mihi intellectum, et discam mandata tua.
74 Na ame siwo vɔ̃a wò la nakpɔ dzidzɔ ne wokpɔm, elabena metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi.
Qui timent te videbunt me et lætabuntur, quia in verba tua supersperavi.
75 O! Yehowa, menya be wò sewo le dzɔdzɔe, eye le wò dzɔdzɔenyenye la me, nèka hiãm.
Cognovi, Domine, quia æquitas judicia tua, et in veritate tua humiliasti me.
76 Na be wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la nanye nye akɔfafa, le ŋugbe si nèdo na wò dɔla la ta.
Fiat misericordia tua ut consoletur me, secundum eloquium tuum servo tuo.
77 Wò dɔmenyo neɖiɖi ɖe dzinye, be manɔ agbe, elabena wò se lae nye nye dzidzɔ.
Veniant mihi miserationes tuæ, et vivam, quia lex tua meditatio mea est.
78 Na ŋu nakpe dadala, le esi wòwɔ vɔ̃ ɖe ŋunye, nye nanekemawɔmawɔe; ke nye la, made ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu.
Confundantur superbi, quia injuste iniquitatem fecerunt in me; ego autem exercebor in mandatis tuis.
79 Na ame siwo vɔ̃a wò la natrɔ ɖe ŋunye, ame siwo se wò nuɖoanyiwo gɔme.
Convertantur mihi timentes te, et qui noverunt testimonia tua.
80 Na kpɔtsɔtsɔ manɔ nye dzi ŋuti ɖe wò sededewo ŋu o, ale be ŋu makpem o.
Fiat cor meum immaculatum in justificationibus tuis, ut non confundar.
81 Nu ti kɔ na nye luʋɔ le wò ɖeɖedidi vevie ta, gake metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi.
Caph Defecit in salutare tuum anima mea, et in verbum tuum supersperavi.
82 Nu te nye ŋkuwo ŋu, le mɔkpɔkpɔ na wò ŋugbedodo la ta. Megblɔ be, “Ɣe ka ɣi nàfa akɔ nam?”
Defecerunt oculi mei in eloquium tuum, dicentes: Quando consolaberis me?
83 Togbɔ be mele abe waingolo le dzudzɔ me ene hã la, nyemeŋlɔ wò sededewo be o.
Quia factus sum sicut uter in pruina; justificationes tuas non sum oblitus.
84 Va se ɖe ɣe ka ɣi wò dɔla alala? Ɣe ka ɣi nàhe to na yonyemetilawo?
Quot sunt dies servi tui? quando facies de persequentibus me judicium?
85 Dadalawo ɖe ʋe ɖi nam, nu si tsi tsitre ɖe wò se la ŋu.
Narraverunt mihi iniqui fabulationes, sed non ut lex tua.
86 Wò sededewo katã nye nu si dzi woaka ɖo; kpe ɖe ŋunye, elabena amewo ti yonyeme susumanɔmetɔe.
Omnia mandata tua veritas: inique persecuti sunt me, adjuva me.
87 Esusɔ vie woɖem ɖa le anyigba dzi kloe, gake nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o.
Paulominus consummaverunt me in terra; ego autem non dereliqui mandata tua.
88 Le wò lɔlɔ̃ la ta, kpɔ nye agbe ta, eye maɖo to se siwo do tso wò nu me.
Secundum misericordiam tuam vivifica me, et custodiam testimonia oris tui.
89 O! Yehowa, wò nya la nye nya mavɔ, eli ke goŋgoŋgoŋ ɖe dziƒo.
Lamed In æternum, Domine, verbum tuum permanet in cælo.
90 Wò nuteƒewɔwɔ li le dzidzimewo katã; wòe ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòli ke ɖaa.
In generationem et generationem veritas tua; fundasti terram, et permanet.
91 Wò sewo gali va se ɖe egbe, elabena wòe nuwo katã subɔna.
Ordinatione tua perseverat dies, quoniam omnia serviunt tibi.
92 Nenye ɖe wò se la menye nye dzidzɔ o la, anye ne metsrɔ̃ le nye hiãkame me.
Nisi quod lex tua meditatio mea est, tunc forte periissem in humilitate mea.
93 Nyemaŋlɔ wò ɖoɖowo be o, elabena èkpɔ nye agbe ta to wo dzi.
In æternum non obliviscar justificationes tuas, quia in ipsis vivificasti me.
94 Ɖem, elabena tɔwò menye, elabena medi wò ɖoɖowo ƒe mɔ.
Tuus sum ego; salvum me fac: quoniam justificationes tuas exquisivi.
95 Ame vɔ̃ɖiwo le lalam be woatsrɔ̃m, ke nye la, madzro wò sewo me.
Me exspectaverunt peccatores ut perderent me; testimonia tua intellexi.
96 Mekpɔ seɖoƒe na nu de blibo ɖe sia ɖe, gake wò sededewo ya la, seɖoƒe meli na wo o.
Omnis consummationis vidi finem, latum mandatum tuum nimis.
97 O, ale gbegbe mehelɔ̃ wò se lae! Medea ŋugble le eŋuti ŋkeke blibo la.
Mem Quomodo dilexi legem tuam, Domine! tota die meditatio mea est.
98 Wò sededewo wɔm nunyalae wu nye futɔwo katã, elabena wole gbɔnye ɖaa.
Super inimicos meos prudentem me fecisti mandato tuo, quia in æternum mihi est.
99 Gɔmesese su asinye wu nye nufialawo katã, elabena medea ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu.
Super omnes docentes me intellexi, quia testimonia tua meditatio mea est.
100 Gɔmesese le asinye wu dumegãwo, elabena mewɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi.
Super senes intellexi, quia mandata tua quæsivi.
101 Meɖe nye afɔ ɖa le mɔ vɔ̃ ɖe sia ɖe dzi, ale be mawɔ ɖe wò nya la dzi.
Ab omni via mala prohibui pedes meos, ut custodiam verba tua.
102 Nyemedzo le wò sewo gbɔ o, elabena wò ŋutɔe fia num.
A judiciis tuis non declinavi, quia tu legem posuisti mihi.
103 Wò nyawo vivia nunye ŋutɔ, eye wovivina le nye nu me wu anyitsi nyuitɔ!
Quam dulcia faucibus meis eloquia tua! super mel ori meo.
104 Gɔmesese su asinye to wò sewo dzi, eya ta metsri mɔ gɔglɔ̃ ɖe sia ɖe.
A mandatis tuis intellexi; propterea odivi omnem viam iniquitatis.
105 Wò nya la nye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye mɔ.
Nun Lucerna pedibus meis verbum tuum, et lumen semitis meis.
106 Meka atam, eye meɖo kpe edzi be, wò se dzɔdzɔewo yome ko manɔ.
Juravi et statui custodire judicia justitiæ tuæ.
107 Mekpe fu geɖe, eya ta o Yehowa, kpɔ nye agbe ta, le wò nya la nu.
Humiliatus sum usquequaque, Domine; vivifica me secundum verbum tuum.
108 O! Yehowa, xɔ kafukafu si nye nu dzra ɖo ɖi la, eye nàfia wò sewom.
Voluntaria oris mei beneplacita fac, Domine, et judicia tua doce me.
109 Togbɔ be metsɔ nye agbe ɖo nye asiƒome enuenu hã la, nyemaŋlɔ wò se la be o.
Anima mea in manibus meis semper, et legem tuam non sum oblitus.
110 Ame vɔ̃ɖi la tre mɔ nam, gake nyemetra tso wò nuɖoanyiwo gbɔ o.
Posuerunt peccatores laqueum mihi, et de mandatis tuis non erravi.
111 Wò ɖoɖowo nye nye domenyinu tegbee, elabena wonye nye dzi ƒe dzidzɔ.
Hæreditate acquisivi testimonia tua in æternum, quia exsultatio cordis mei sunt.
112 Nye dzi ku ɖe wò sededewo dzi wɔwɔ ŋu va se ɖe nuwuwu.
Inclinavi cor meum ad faciendas justificationes tuas in æternum, propter retributionem.
113 Melé fu susuevetɔwo, gake melɔ̃ wò se la.
Samech Iniquos odio habui, et legem tuam dilexi.
114 Wòe nye nye sitsoƒe kple nye akpoxɔnu, metsɔ nye mɔkpɔkpɔ de wò nya la me.
Adjutor et susceptor meus es tu, et in verbum tuum supersperavi.
115 Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo, be mate ŋu alé nye Mawu ƒe sewo me ɖe asi!
Declinate a me, maligni, et scrutabor mandata Dei mei.
116 Lém ɖe asi le wò ŋugbedodo la nu, ekema manɔ agbe, eye mègana ŋu nakpem le nye mɔkpɔkpɔ me o.
Suscipe me secundum eloquium tuum, et vivam, et non confundas me ab exspectatione mea.
117 Lém ɖe te, ekema makpɔ ɖeɖe, eye ɣe sia ɣi made bubu wò sededewo ŋu.
Adjuva me, et salvus ero, et meditabor in justificationibus tuis semper.
118 Ègbe nu le ame siwo katã tra mɔ tso wò sededewo gbɔ la gbɔ, elabena woƒe alakpadada nye nu dzodzro.
Sprevisti omnes discedentes a judiciis tuis, quia injusta cogitatio eorum.
119 Ègbe nu le ame vɔ̃ɖi siwo katã le anyigba dzi la gbɔ abe gbeɖuɖɔ ene, eya ta melɔ̃ wò nuɖoanyiwo.
Prævaricantes reputavi omnes peccatores terræ; ideo dilexi testimonia tua.
120 Nye lãme le ƒoƒom le vɔvɔ̃ na wò ta, eye nye mo wɔ yaa le wò sewo ta.
Confige timore tuo carnes meas; a judiciis enim tuis timui.
121 Mewɔ nu si dzɔ kple nu si le eteƒe, eya ta mègaɖe asi le ŋunye na ame siwo tem ɖe anyi la o.
Ain Feci judicium et justitiam: non tradas me calumniantibus me.
122 Kpɔ wò dɔla la ƒe dedinɔnɔ gbɔ, mègana dadalawo natem ɖe to o.
Suscipe servum tuum in bonum: non calumnientur me superbi.
123 Nu te nye ŋkuwo ŋu le wò ɖeɖedidi ta.
Oculi mei defecerunt in salutare tuum, et in eloquium justitiæ tuæ.
124 Wɔ nu kple wò dɔla le wò lɔlɔ̃ ta, eye nàfia wò sededewom.
Fac cum servo tuo secundum misericordiam tuam, et justificationes tuas doce me.
125 Wò dɔlae menye, eya ta na sidzedzem, be mase wò nuɖoanyiwo gɔme.
Servus tuus sum ego: da mihi intellectum, ut sciam testimonia tua.
126 O! Yehowa, ɣeyiɣi de na wò be nàɖe afɔ, elabena wole wò sewo tum.
Tempus faciendi, Domine: dissipaverunt legem tuam.
127 Elabena melɔ̃ wò sewo wu sika kple sika nyuitɔ.
Ideo dilexi mandata tua super aurum et topazion.
128 Eye esi mebu wò ɖoɖowo katã be wole dzɔdzɔe ta la, metsri mɔ gɔglɔ̃ ɖe sia ɖe.
Propterea ad omnia mandata tua dirigebar; omnem viam iniquam odio habui.
129 Wò sewo nye nuku, eya ta meɖo to wo.
Phe Mirabilia testimonia tua: ideo scrutata est ea anima mea.
130 Kekeli vana ne woʋu go wò nyawo, eye nugɔmesese sua ame gblɔewo gɔ̃ hã si.
Declaratio sermonum tuorum illuminat, et intellectum dat parvulis.
131 Meke nu ɖe te hele gbɔgbɔm fuxefuxe, le wò sewo dim vevie.
Os meum aperui, et attraxi spiritum: quia mandata tua desiderabam.
132 Trɔ ɖe ŋunye, eye nàkpɔ nye nublanui abe ale si nèwɔnɛ ɖaa na ame siwo lɔ̃a wò ŋkɔ la ene.
Aspice in me, et miserere mei, secundum judicium diligentium nomen tuum.
133 Na maɖe afɔ le wò nya la nu, eye mègana nu vɔ̃ aɖeke naɖu dzinye o.
Gressus meos dirige secundum eloquium tuum, et non dominetur mei omnis injustitia.
134 Ɖem tso amewo ƒe teteɖeanyi me, be mawɔ ɖe wò ɖoɖowo dzi.
Redime me a calumniis hominum ut custodiam mandata tua.
135 Na wò mo naklẽ na wò dɔla, eye nàfia wò sededewom.
Faciem tuam illumina super servum tuum, et doce me justificationes tuas.
136 Aɖatsi le sisim le nye ŋkuwo me abe tɔʋu ene, elabena womewɔ wò sewo dzi o.
Exitus aquarum deduxerunt oculi mei, quia non custodierunt legem tuam.
137 O! Yehowa, wò la, dzɔdzɔetɔe nènye, eye wò sewo hã le dzɔdzɔe.
Sade Justus es, Domine, et rectum judicium tuum.
138 Nu siwo nèɖo anyi hã la le dzɔdzɔe, woaka ɖe wo dzi ɖikeke manɔmee.
Mandasti justitiam testimonia tua, et veritatem tuam nimis.
139 Dzo si metsɔ ɖe ŋuwò la na megbɔdzɔ, elabena nye futɔwo gbe nu le wò nyawo gbɔ.
Tabescere me fecit zelus meus, quia obliti sunt verba tua inimici mei.
140 Wodo wò ŋugbedodowo katã kpɔ nyuie, eye wò dɔla lɔ̃ wo ŋutɔ.
Ignitum eloquium tuum vehementer, et servus tuus dilexit illud.
141 Togbɔ be wodo vlom, eye nyemele ɖeke me o hã la, nyemeŋlɔ wò ɖoɖowo be o.
Adolescentulus sum ego et contemptus; justificationes tuas non sum oblitus.
142 Wò dzɔdzɔenyenye li tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wò se la hã nye nyateƒe.
Justitia tua, justitia in æternum, et lex tua veritas.
143 Fukpekpe kple xaxa va dzinye, gake wò sededewo doa dzidzɔ nam.
Tribulatio et angustia invenerunt me; mandata tua meditatio mea est.
144 Wò nuɖoanyiwo le dzɔdzɔe ɖaa, eya ta na gɔmesesem, be manɔ agbe.
Æquitas testimonia tua in æternum: intellectum da mihi, et vivam.
145 O! Yehowa, mele yɔwòm kple nye dzi blibo, eya ta tɔ nam, eye mawɔ wò sededewo dzi.
Coph Clamavi in toto corde meo: exaudi me, Domine; justificationes tuas requiram.
146 Wòe meyɔ, xɔ nam, eye malé wò ɖoɖoawo me ɖe asi.
Clamavi ad te; salvum me fac: ut custodiam mandata tua.
147 Mefɔ hafi ŋu ke, eye medo ɣli be woaxɔ nam, ke metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi.
Præveni in maturitate, et clamavi: quia in verba tua supersperavi.
148 Nye ŋkuwo le te le zã blibo la katã me, be made ŋugble le wò ŋugbedodowo ŋu.
Prævenerunt oculi mei ad te diluculo, ut meditarer eloquia tua.
149 Se nye gbe, le wò lɔlɔ̃ la ta, O! Yehowa, ɖe nye agbe, le wò sewo ƒe ɖoɖo nu.
Vocem meam audi secundum misericordiam tuam, Domine, et secundum judicium tuum vivifica me.
150 Ame siwo le nu vɔ̃ɖiwo ɖom la gogo, gake wodidi tso wò se la gbɔ.
Appropinquaverunt persequentes me iniquitati: a lege autem tua longe facti sunt.
151 O! Yehowa, ètsɔ ɖe gbɔnye ɖe! Wò sededewo katã hã nye nyateƒe.
Prope es tu, Domine, et omnes viæ tuæ veritas.
152 Mesrɔ̃ nu tso wò se la me gbe aɖe gbe ke, be èɖo wo gɔme anyi be woanɔ anyi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
Initio cognovi de testimoniis tuis, quia in æternum fundasti ea.
153 Kpɔ nye hiãtuame ɖa, eye nàɖem, elabena nyemeŋlɔ wò se la be o.
Res Vide humilitatem meam, et eripe me, quia legem tuam non sum oblitus.
154 Ʋli tanye, eye nàɖem, kpɔ nye agbe ta le wò ŋugbedodo la nu.
Judica judicium meum, et redime me: propter eloquium tuum vivifica me.
155 Ɖeɖe le adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo, elabena womedia wò sededewo ƒe mɔ o.
Longe a peccatoribus salus, quia justificationes tuas non exquisierunt.
156 O! Yehowa, wò nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ, eya ta kpɔ nye agbe ta le wò sewo nu.
Misericordiæ tuæ multæ, Domine; secundum judicium tuum vivifica me.
157 Futɔ siwo ti yonyeme la sɔ gbɔ ŋutɔ, gake nyemetrɔ le wò ɖoɖowo yome o.
Multi qui persequuntur me, et tribulant me; a testimoniis tuis non declinavi.
158 Menyɔ ŋu xɔsemanɔsitɔwo, elabena womewɔa wò nya la dzi o.
Vidi prævaricantes et tabescebam, quia eloquia tua non custodierunt.
159 Kpɔ ale si melɔ̃ wò sewoe ɖa; eya ta o Yehowa, kpɔ nye agbe ta le wò lɔlɔ̃ la ta.
Vide quoniam mandata tua dilexi, Domine: in misericordia tua vivifica me.
160 Wò nyawo katã nye nyateƒe, eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe sewo katã nye se mavɔwo.
Principium verborum tuorum veritas; in æternum omnia judicia justitiæ tuæ.
161 Dziɖulawo tia nye agbe yome susumanɔŋutɔe, gake nye dzi dzo nyanyanya le wò nya la ta.
Sin Principes persecuti sunt me gratis, et a verbis tuis formidavit cor meum.
162 Mekpɔ dzidzɔ le wò ŋugbedodo la me abe ame si ke ɖe afunyinu gbogbo aɖe ŋu ene.
Lætabor ego super eloquia tua, sicut qui invenit spolia multa.
163 Metsri, eye menyɔ ŋu alakpa, ke melɔ̃ wò se la.
Iniquitatem odio habui, et abominatus sum, legem autem tuam dilexi.
164 Mekafua wò zi adre le ŋkeke me, le wò se dzɔdzɔeawo ta.
Septies in die laudem dixi tibi, super judicia justitiæ tuæ.
165 Ame siwo lɔ̃a wò se la, kpɔa ŋutifafa gã aɖe, eye naneke mawɔ wo woakli nu o.
Pax multa diligentibus legem tuam, et non est illis scandalum.
166 O! Yehowa, mele wò xɔxɔ lalam, eye manɔ wò sededewo yome.
Exspectabam salutare tuum, Domine, et mandata tua dilexi.
167 Mawɔ ɖe wò nuɖoanyiwo dzi, elabena melɔ̃ wo ŋutɔ.
Custodivit anima mea testimonia tua, et dilexit ea vehementer.
168 Mawɔ ɖe wò sewo kple ɖoɖowo dzi, elabena nye mɔwo katã le nyanya na wò.
Servavi mandata tua et testimonia tua, quia omnes viæ meæ in conspectu tuo.
169 O! Yehowa, nye ɣlidodo nede gbɔwò, tsɔ gɔmesese nam le wò nya la nu.
Tau Appropinquet deprecatio mea in conspectu tuo, Domine; juxta eloquium tuum da mihi intellectum.
170 Nye gbedodoɖawo nede gbɔwò; ɖem le wò ŋugbedodo la ta.
Intret postulatio mea in conspectu tuo; secundum eloquium tuum eripe me.
171 Nye nuyiwo negbã go kple kafukafu, elabena èfia wò sededewom.
Eructabunt labia mea hymnum, cum docueris me justificationes tuas.
172 Nye aɖe adzi ha le wò nya la ŋu, elabena wò sededewo katã le dzɔdzɔe.
Pronuntiabit lingua mea eloquium tuum, quia omnia mandata tua æquitas.
173 Wò asi nenɔ klalo akpe ɖe ŋunye, elabena metia wò sewo.
Fiat manus tua ut salvet me, quoniam mandata tua elegi.
174 O! Yehowa, wò xɔname le dzroyem vevie ŋutɔ, elabena wò se lae nye nye dzidzɔ.
Concupivi salutare tuum, Domine, et lex tua meditatio mea est.
175 Na manɔ agbe, ne makafu wò, eye na wò sewo nalém ɖe te.
Vivet anima mea, et laudabit te, et judicia tua adjuvabunt me.
176 Metra mɔ abe alẽ bubu ene. Di wò dɔla la, elabena nyemeŋlɔ wò sededewo be o.
Erravi sicut ovis quæ periit: quære servum tuum, quia mandata tua non sum oblitus.]

< Psalmowo 119 >