< Psalmowo 118 >

1 Mida akpe ne Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
alleluia confitemini Domino quoniam bonus quoniam in saeculum misericordia eius
2 Israel negblɔ be; “Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”
dicat nunc Israhel quoniam bonus quoniam in saeculum misericordia eius
3 Aron ƒe aƒe la negblɔ be; “Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”
dicat nunc domus Aaron quoniam in saeculum misericordia eius
4 Ame siwo vɔ̃a Yehowa la negblɔ be, “Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”
dicant nunc qui timent Dominum quoniam in saeculum misericordia eius
5 Le nye vevesese me, medo ɣli yɔ Yehowa, etɔ nam, eye wòɖe gam.
de tribulatione invocavi Dominum et exaudivit me in latitudinem Dominus
6 Yehowa li kplim, eya ta nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ awɔm?
Dominus mihi adiutor non timebo quid faciat mihi homo
7 Yehowa li kplim, eyae nye nye xɔnametɔ. Makpɔ nye futɔwo ta ɖa le dziɖuɖu me.
Dominus mihi adiutor et ego despiciam inimicos meos
8 Enyo be woatsɔ Yehowa awɔ sitsoƒee wu, be woaɖo ŋu ɖe amegbetɔ ŋu.
bonum est confidere in Domino quam confidere in homine
9 Enyo be woatsɔ Yehowa awɔ sitsoƒee wu, be woaɖo ŋu ɖe dumegãwo ŋu.
bonum est sperare in Domino quam sperare in principibus
10 Dukɔwo katã ɖe to ɖem, gake le Yehowa ƒe ŋkɔ me, metsrɔ̃ wo katã.
omnes gentes circumierunt me et in nomine Domini quia; ultus sum in eos
11 Woɖe to ɖem, gake le Yehowa ƒe ŋkɔ me, metsrɔ̃ wo katã.
circumdantes circumdederunt me in nomine autem Domini quia; ultus sum in eos
12 Woƒo kɔ ɖe ŋunye abe anyiwo ene, gake wo nu va yi kaba abe ŋuvedzo ene; ɛ̃, Yehowa ƒe ŋkɔ mee metsrɔ̃ wo le.
circumdederunt me sicut apes et exarserunt sicut ignis in spinis et in nomine Domini quia; ultus sum in eos
13 Wotu asim do ɖe megbe, eye medze anyi kloe, gake Yehowa xɔ nam.
inpulsus eversus sum ut caderem et Dominus suscepit me
14 Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye ha, eye wòzu nye xɔname.
fortitudo mea et laudatio mea Dominus et factus est mihi in salutem
15 Aseyetsotso kple dziɖuɣli le ɖiɖim le ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔ me be, “Yehowa ƒe nuɖusi wɔ nu dzɔatsuwo!
vox exultationis et salutis in tabernaculis iustorum
16 Yehowa ƒe nuɖusi le dzi bobobo! Yehowa ƒe nuɖusi wɔ nu dzɔatsuwo!”
dextera Domini fecit virtutem dextera Domini exaltavit me dextera Domini fecit virtutem
17 Nyemaku o, ke boŋ manɔ agbe, eye maɖe gbeƒã nu siwo Yehowa wɔ.
non moriar sed vivam et narrabo opera Domini
18 Yehowa he to nam vevie, gake metsɔm de asi na ku o.
castigans castigavit me Dominus et morti non tradidit me
19 Miʋu dzɔdzɔenyenye ƒe agbowo nam, mage ɖe eme, eye mada akpe na Yehowa.
aperite mihi portas iustitiae ingressus in eas confitebor Domino
20 Esiae nye Yehowa ƒe agbo, afi si dzɔdzɔetɔwo ato age ɖe eme.
haec porta Domini iusti intrabunt in eam
21 Mada akpe na wò, elabena èɖo tom, eye nèzu nye xɔname.
confitebor tibi quoniam exaudisti me et factus es mihi in salutem
22 Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe.
lapidem quem reprobaverunt aedificantes hic factus est in caput anguli
23 Yehowae wɔ esia, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkume.
a Domino factum est istud hoc est mirabile in oculis nostris
24 Esia nye ŋkeke si Yehowa wɔ, mina míakpɔ dzidzɔ, atso aseye le eme.
haec est dies quam fecit Dominus exultemus et laetemur in ea
25 O! Yehowa, ɖe mí, o Yehowa, na wòadze edzi na mí dzro.
o Domine salvum fac o Domine prosperare
26 Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Míeyra wò tso Yehowa ƒe aƒe me.
benedictus qui venturus est in nomine Domini benediximus vobis de domo Domini
27 Yehowae nye Mawu, eye wòna eƒe kekeli klẽ ɖe mía dzi. Mitsɔ miaƒe atilɔwo ɖe asi ne miage ɖe ŋkekenyuiɖulawo ƒe hame ayi ɖe keke vɔsamlekpui la ƒe dzowo gbɔ.
Deus Dominus et inluxit nobis constituite diem sollemnem in condensis usque ad cornua altaris
28 Wòe nye nye Mawu, eya ta mada akpe na wò; wòe nye nye Mawu, eya ta mado wò ɖe dzi.
Deus meus es tu et confitebor tibi Deus meus es tu et exaltabo te confitebor tibi quoniam exaudisti me et factus es mihi in salutem
29 Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbetegbe.
confitemini Domino quoniam bonus quoniam in saeculum misericordia eius

< Psalmowo 118 >