< Psalmowo 116 >

1 Melɔ̃ Yehowa, elabena ese nye gbe; ese nye avifafa be wonekpɔ nublanui nam.
Eg elskar Herren, for han høyrer mi røyst, mine bøner.
2 Esi wòtrɔ to ɖe gbɔnye ta la, mayɔe zi ale si mele agbe.
For han hev bøygt sitt øyra til meg, og alle mine dagar vil eg kalla på honom.
3 Ku ƒe kawo blam, eye tsiẽƒe ƒe vevesese va dzinye. Hiã tum, eye nuxaxa va dzinye. (Sheol h7585)
Daude-band hadde spent seg um meg, helheims trengsla hadde funne meg; naud og sorg fann eg. (Sheol h7585)
4 Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be, “O! Yehowa, ɖem!”
Men eg kalla på Herrens namn: «Å Herre, berga mi sjæl!»
5 Yehowa nye amenuvetɔ kple dzɔdzɔetɔ; míaƒe Mawu la yɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ.
Herren er nådig og rettferdig, og vår Gud er miskunnsam.
6 Yehowa kpɔa ame siwo fa tu le dzi me la ta; esi menɔ hiahiã gã aɖe me la, eɖem le eme.
Herren varar dei einfalde, eg var ein arming, og han frelste meg.
7 O! Luʋɔnye, gagbɔ ɖe eme, elabena Yehowa nyo dɔ me na wò.
Kom attende, mi sjæl, til di ro! for Herren hev gjort vel imot deg.
8 O! Yehowa, wòe ɖe nye luʋɔ tso ku me, nye ŋkuwo tso aɖatsi si me, nye afɔwo tso anyidzedze me;
Ja, du fria mi sjæl frå dauden, mitt auga frå tåror, min fot frå fall.
9 be mate ŋu azɔ le Yehowa ŋkume le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.
Eg skal vandra for Herrens åsyn i landi åt dei livande.
10 Mexɔe se, eya ta megblɔ be, “Wokaa hiãm ŋutɔ.”
Eg trudde, for eg tala; eg var i stor plåga.
11 Eye le nye moya me, megblɔ be, “Amegbetɔwo katã nye aʋatsokalawo.”
Eg sagde i min ræddhug: «Kvar mann er ein ljugar!»
12 Aleke mawɔ aɖo dɔmenyo siwo katã Yehowa wɔ nam la teƒe nɛ?
Kva skal eg gjeva Herren att for alle hans velgjerningar imot meg?
13 Makɔ xɔxɔ ƒe kplu la ɖe dzi, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.
Eg vil lyfta frelse-staupet, og Herrens namn vil eg påkalla.
14 Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋkume.
Mine lovnader vil eg halda for Herren, og det for augo på alt hans folk.
15 Eƒe ame kɔkɔewo ƒe ku nye nu xɔasi le Yehowa ŋkume.
Dyr er i Herrens augo dauden åt hans heilage.
16 O! Yehowa, menye wò dɔla vavã, wò dɔlae menye, wò subɔla ƒe viŋutsue menye, eye nèɖem tso nye gakɔsɔkɔsɔ siwo blam la me.
Å Herre, eg er din tenar, veit du, eg er din tenar, son åt di tenestkvinna; du hev løyst mine band.
17 Masa akpedavɔ na wò, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.
Til deg vil eg ofra takkoffer, og Herrens namn vil eg påkalla.
18 Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa, le eƒe dukɔ blibo la ŋkume,
Mine lovnader vil eg halda for Herren, og det for augo på alt hans folk,
19 le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo, le mia dome, o Yerusalem. Mikafu Yehowa.
i fyregardarne til Herrens hus, midt i deg, Jerusalem. Halleluja!

< Psalmowo 116 >