< Psalmowo 115 >

1 Menye míawoe o, o Yehowa, menye míawoe o, ke boŋ ŋutikɔkɔe la nye wò ŋkɔ tɔ, le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta.
耶和華啊,榮耀不要歸與我們, 不要歸與我們; 要因你的慈愛和誠實歸在你的名下!
2 Nu ka ta dukɔwo le gbɔgblɔm be, “Afi ka woƒe Mawu la le?”
為何容外邦人說: 他們的上帝在哪裏呢?
3 Míaƒe Mawu la le dziƒo, eye nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna,
然而,我們的上帝在天上, 都隨自己的意旨行事。
4 gake woawo ya ƒe legbawo nye klosalo kple sika, eye amegbetɔ ƒe asiwoe wɔ wo,
他們的偶像是金的,銀的, 是人手所造的,
5 eya ta nu li na wo, gake womate ŋu aƒo nu o, ŋku li na wo, gake womate ŋu akpɔ nu o;
有口卻不能言, 有眼卻不能看,
6 to li na wo, gake womesea nu o, ŋɔti li na wo, gake womeʋẽa nu sena o;
有耳卻不能聽, 有鼻卻不能聞,
7 asi li na wo, gake wometea nu kpɔna o, afɔ li na wo, gake womate ŋu azɔ loo, alo aƒo nu to ve me o.
有手卻不能摸, 有腳卻不能走, 有喉嚨也不能出聲。
8 Ame siwo wɔ wo la, anɔ abe woawo ke ene, eye nenema kee nye ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe wo dzi.
造他的要和他一樣; 凡靠他的也要如此。
9 O! Israel ƒe aƒe, ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eyae nye wò kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu.
以色列啊,你要倚靠耶和華! 他是你的幫助和你的盾牌。
10 O! Aron ƒe aƒe, ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eyae nye wò kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu.
亞倫家啊,你們要倚靠耶和華! 他是你們的幫助和你們的盾牌。
11 Mi ame siwo vɔ̃nɛ, miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eyae nye miaƒe kpeɖeŋutɔ kple akpoxɔnu.
你們敬畏耶和華的,要倚靠耶和華! 他是你們的幫助和你們的盾牌。
12 Yehowa ɖo ŋku mía dzi, eya ta ayra mí. Ayra Israel ƒe aƒe la, ayra Aron ƒe aƒe la,
耶和華向來眷念我們; 他還要賜福給我們: 要賜福給以色列的家, 賜福給亞倫的家。
13 ayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, suewo kple gãwo siaa.
凡敬畏耶和華的,無論大小, 主必賜福給他。
14 Yehowa nana miadzi ɖe edzi, miawo ŋutɔwo kple mia viwo.
願耶和華叫你們 和你們的子孫日見加增。
15 Yehowa neyra mi, eya dziƒo kple anyigba Wɔla.
你們蒙了造天地之耶和華的福!
16 Dziƒo kɔkɔtɔ nye Yehowa, Wɔla la tɔ, ke etsɔ anyigba na amegbetɔ.
天,是耶和華的天; 地,他卻給了世人。
17 Menye ame kukuwoe kafua Yehowa o, menye ame siwo zi ɖoɖoe le aʋlimee o;
死人不能讚美耶和華; 下到寂靜中的也都不能。
18 ke boŋ mí ame siwo doa Yehowa ɖe dzi fifia kple ɖaasi lae. Mikafu Yehowa.
但我們要稱頌耶和華, 從今時直到永遠。 你們要讚美耶和華!

< Psalmowo 115 >