< Psalmowo 113 >

1 Mikafu Yehowa. O! Mi Yehowa ƒe dɔlawo, mikafui, mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ.
阿肋路亞!上主的僕人,請一齊讚頌,請一齊讚頌上主聖名!
2 Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso fifia yi ɖe mavɔ me ke.
願上主的名受讚頌,從現在直到永遠無窮!
3 Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣeyiɣi si ɣe adze va se ɖe esi wòaɖo to ɖe afi si wòɖoa to ɖo.
從太陽東升到西落,願上主的聖名受讚頌!
4 Yehowa nye gã ɖe dukɔwo katã dzi, eye eƒe ŋutikɔkɔe gbɔ dziƒowo ta.
上主高越列國萬邦;上主的光榮凌駕穹蒼;
5 Ame kae le abe Yehowa, míaƒe Mawu la ene, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi le dziƒo,
誰能相似上主我們的天主?祂坐在蒼天之上的最高處。
6 eye wòbɔbɔ be yeakpɔ dziƒowo kple anyigba ɖa?
上主必會垂目下視,觀看上天和下地;
7 Efɔ ame dahe ɖe tsitre tso ke me, eye wòfɔ hiãtɔ ɖe dzi tso dzowɔ me;
上主從塵埃裏提拔弱小的人;上主由糞土中舉揚窮苦的人,
8 hetsɔ wo ɖo dumegãwo xa, ɛ̃, woƒe dumegãwo xa.
叫他與貴族的人共席,也與本國的王侯同位;
9 Ame si na konɔ nɔa eƒe aƒe me, hekpɔa dzidzɔ abe viwo dada ene. Mikafu Yehowa.
使那不孕的婦女坐鎮家中,成為多子的母親快樂無窮。

< Psalmowo 113 >