< Psalmowo 112 >

1 Mikafu Yehowa. Woayra ŋutsu si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ vevie le eƒe sewo ŋu.
亞肋路亞!凡敬畏上主的人,真是有福,喜歡他誡命的人,真是有福!
2 Viawo anye ŋusẽtɔwo le anyigba la dzi, eye woayra dzi dzɔdzɔetɔwo ƒe dzidzime.
他的子孫在世上必要強盛,義人的後代必要受到讚頌。
3 Kesinɔnu kple nu nyuiwo le eƒe aƒe me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi ɖikaa.
他家中必有權勢財產,他的仁義必存留永遠。
4 Le viviti me gɔ̃ hã la, kekeli klẽna na ame dzɔdzɔewo, nenema ke wònɔna na ame si vea ame nu, kpɔa nublanui, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe.
上主富有仁愛慈悲公道,像光明在暗處向義人照耀。
5 Nyui ava na ame si nyoa dɔ me, doa nugbana faa, eye wòwɔa eƒe nuwo to mɔ dzɔdzɔe dzi.
樂善好施的人必蒙受祝福,祂以正義處理自己的事務。
6 Vavã, maʋã akpɔ o; woaɖo ŋku ame dzɔdzɔe dzi tegbee.
因為他永遠不會失足抖顫,義人必要受人永遠的記念。
7 Mavɔ̃ na nya vɔ̃ sese o, eƒe dzi li ke, eye wòkana ɖe Yehowa dzi.
噩耗的凶信,不會使他驚慌,因為仰賴上主心志堅強。
8 Mavɔ̃ naneke o, elabena dzi le eƒo; eye mlɔeba la, akpɔ eƒe futɔwo ta ɖa le dziɖuɖu me.
直到看見他的仇敵蒙羞,他的心志堅強無懼無憂。
9 Ema eƒe kesinɔnuwo na ame dahewo fũu, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye woakɔ eƒe dzo ɖe dzi bobobo le bubu me.
他散財周濟貧苦的人。他的仁義必萬世留存,他的頭角必受光榮。
10 Ame vɔ̃ɖi akpɔe, eye dzi akui, aɖu aɖukli, avɔ le eme keŋkeŋkeŋ. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzimedidiwo azu tofloko.
罪人見到必要憤恨滿腔,咬自己的牙齒,焦灼難當,惡人的希望終必喪亡。

< Psalmowo 112 >