< Psalmowo 110 >

1 David ƒe ha. Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be, “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.”
לדוד מזמור נאם יהוה לאדני--שב לימיני עד-אשית איביך הדם לרגליך
2 Yehowa adidi wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖe edzi tso Zion, eye àɖu fia le wò futɔwo dome.
מטה-עזך--ישלח יהוה מציון רדה בקרב איביך
3 Wò aʋakɔwo alɔ̃ faa ade megbe na wò le wò aʋakpegbe. Ànɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe, si do go tso fɔŋli ƒe dɔ me ke la me, axɔ wò ɖekakpuimezãmu.
עמך נדבת ביום חילך בהדרי-קדש מרחם משחר לך טל ילדתיך
4 Yehowa ka atam, eye matrɔ eƒe susu akpɔ o, be “Wòe nye nunɔla tegbee, le Melkizedek ƒe ɖoɖo la nu.”
נשבע יהוה ולא ינחם-- אתה-כהן לעולם על-דברתי מלכי-צדק
5 Aƒetɔ la le wò nuɖusime, agbã fiawo nyanyanya le eƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi.
אדני על-ימינך מחץ ביום-אפו מלכים
6 Adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo, eye wòali kɔ woƒe kukuawo, nenema ke wòagbã dziɖulawo le anyigba blibo la dzi.
ידין בגוים מלא גויות מחץ ראש על-ארץ רבה
7 Ano tsi le tɔʋu si le mɔto la me, eya ta afɔ eƒe ta dzi.
מנחל בדרך ישתה על-כן ירים ראש

< Psalmowo 110 >