< Psalmowo 11 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Yehowae mesi tso. Aleke miele gbɔgblɔm nam be, “Dzo abe xevi ene nàyi ɖe wò to dzi?
다윗의 시, 영장으로 한 노래 내가 여호와께 피하였거늘 너희가 내 영혼더러 새 같이 네 산으로 도망하라 함은 어찜인고
2 Elabena kpɔ ɖa, ame vɔ̃ɖiwo he woƒe da me; wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo datikawo ŋuti be woada ame siwo dza le woƒe dzi me la le blukɔ me.
악인이 활을 당기고 살을 시위에 먹임이여 마음이 바른 자를 어두운 데서 쏘려 하는도다
3 Esi wole gɔmeɖokpeawo gbãm la, nu ka dzɔdzɔetɔ la awɔ?”
터가 무너지면 의인이 무엇을 할꼬
4 Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; Yehowa le eƒe fiazikpui dzi le dziƒo. Elé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu, eye wòdo wo kpɔ.
여호와께서 그 성전에 계시니 여호와의 보좌는 하늘에 있음이여 그 눈이 인생을 통촉하시고 그 안목이 저희를 감찰하시도다
5 Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ tsri ame vɔ̃ɖiwo kple ame siwo lɔ̃a ŋutasesẽ.
여호와는 의인을 감찰하시고 악인과 강포함을 좋아하는 자를 마음에 미워하시도다
6 Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome.
악인에게 그물을 내려 치시리니 불과 유황과 태우는 바람이 저희 잔의 소득이 되리로다
7 Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ; ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume.
여호와는 의로우사 의로운 일을 좋아하시나니 정직한 자는 그 얼굴을 뵈오리로다

< Psalmowo 11 >