< Psalmowo 109 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Mawu, wò ame si mekafu, mègazi ɖoɖoe o,
“To the chief musician, by David, a psalm.” O God of my praise, do not keep silence.
2 elabena ame vɔ̃ɖiwo kple alakpatɔwo, ke woƒe nuwo ɖe ŋutinye, eye wogblɔ nya ɖe ŋunye kple alakpaɖewo.
For the mouth of the wicked and the mouth of deceit are opened against me: they have spoken with me with the tongue of falsehood.
3 Wotsɔ fulényawo ƒo xlãm; wotso ɖe ŋunye nanekemawɔmawɔe.
Also with words of hatred have they encompassed me, and they fight against me without a cause.
4 Wotsɔ fɔbubu nam ɖe nye lɔlɔ̃ teƒe, ke nye la, ame si doa gbe ɖa vevie lae menye.
In recompense for my love are they my accusers, while I have nothing but prayer.
5 Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam, eye wotsɔ fuléle ɖo nye lɔlɔ̃ teƒe.
And they impose evil on me in recompense for good, and hatred in lieu of my love.
6 Tia ame vɔ̃ɖi aɖe wòatso ɖe eŋu; eye na amenutsola natsi tsitre ɖe eƒe nuɖusime.
Appoint thou a wicked man over him: and let an accuser stand at his right hand.
7 Ne wodrɔ̃ ʋɔnui la, woneɖe agɔdzedze nɛ, eye eƒe gbedodoɖawo nebu fɔe.
When he is to be judged, let him go forth guilty, and let his prayer become sin.
8 Eƒe ŋkekewo nenɔ ʋɛ eye ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.
Let his days be few, and let another take his office.
9 Viawo nezu tsyɔ̃eviwo, eye srɔ̃a nezu ahosi.
Let his children be fatherless, and his wife a widow.
10 Viawo nenɔ tsaglãla tsam, anɔ nu biam; wonenya wo do goe le woƒe aƒe gbagbãwo me.
Let his children be continually moving about, and beg, and let them seek [their bread] out of their ruined places.
11 Fetɔ aɖe nexɔ eƒe nunɔmesiwo katã, eye amedzrowo neha nu siwo wòwɔ dɔ kpɔ.
Let the creditor lay snares after all that he hath, and let strangers plunder his labor.
12 Ame aɖeke megave enu loo, alo akpɔ nublanui na eƒe tsyɔ̃eviwo o.
Let him have none that extendeth kindness, and let there be none that is gracious to his fatherless children.
13 Eƒe dzidzimeviwo netsrɔ̃, eye woaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa le dzidzime si gbɔna la me.
Let his posterity be cut off: in another generation let their name be blotted out.
14 Woneɖo ŋku fofoawo ƒe vodadawo dzi le Yehowa ŋkume, eye womegatutu dadaa ƒe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o.
Let the iniquity of his fathers be remembered by the Lord, and let the sin of his mother not be blotted out.
15 Woƒe nu vɔ̃wo nenɔ Yehowa ŋkume ɖaa, ale be wòaɖe woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi,
Let them be before the Lord continually, that he may cut off from the earth their memory.
16 elabena mebu dɔmenyowɔwɔ ŋuti kpɔ o, ke boŋ eƒo hiãtɔ, ame dahe kple ame si ƒe dzi gbã la ƒu anyi woku.
For the reason that he remembered not to show kindness; but persecuted the poor and needy man, and the grieved in heart to put him to death.
17 Elɔ̃a ɖiŋudodo, eya ta ɖiŋudodo neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi; amewo yayra medoa dzidzɔ nɛ o, eya ta yayra nete ɖa xaa tso eya ŋutɔ gbɔ.
As he loved cursing, so let it come over him: and as he delighted not in blessing, so let it be far from him.
18 Etsɔ ɖiŋudodo do abe awu ene, wòge ɖe eƒe lãme abe tsi ene, eye wòɖo eƒe ƒuwo me abe ami ene,
And he clothed himself with cursing as with his garment, and it cometh like water within him, and like oil into his bones.
19 eya ta netae abe avɔ ene, eye nebla ali dzi nɛ abe alidziblaka ene tegbetegbe.
Let it be unto him as a garment in which he wrappeth himself, and for a girdle let him be continually girded with it.
20 Esia nenye fe si Yehowa axe na nunyetsolawo kple ame siwo gblɔa nya vɔ̃ ɖe ŋutinye.
Let this be the reward of my accusers from the Lord, and of those that speak evil against my soul.
21 Ke wò la, o Aƒetɔ Yehowa, wɔ nyui nam le wò ŋkɔ la ta, ɖem le wò lɔlɔ̃ si wɔa nyui la ta,
But thou, O Eternal Lord, deal with me for the sake of thy name: because thy kindness is good, deliver thou me.
22 elabena hiãtɔ kple ame dahe menye, eye nye dzi xɔ abi le menye.
For poor and needy am I, and my heart is deeply wounded within me.
23 Nunye yi abe vɔvɔli le fiẽ me ene eye woʋuʋum abe ʋetsuvi ene.
Like the shadow when it declineth do I hasten away: I am driven suddenly off like the locusts.
24 Le nutsitsidɔ ta la, nye klowo zu belie, eye meɖi ku glaglaglã.
My knees stumble through fasting, and my flesh faileth of fatness.
25 Mezu alɔmeɖenu na nunyetsolawo, eye woʋuʋua ta ne wokpɔm.
And I am become a reproach unto them: when they see me, they shake their head.
26 O! Yehowa, nye Mawu, kpe ɖe ŋunye, ɖem le wò lɔlɔ̃ la ta.
Help me, O Lord my God: O save me according to thy kindness:
27 O! Yehowa, wonenya be to wò asi dzie nèwɔ esia.
That they may know that this is thy hand: that thou, Lord, hast truly done it.
28 Woaƒo fi ade ame, ke wò la àyra ame, ne wotso ɖe ŋunye la, ŋu akpe wo, ke wò dɔla ya atso aseye.
Let them then curse, but do thou bless: when they arise, let them be made ashamed; but let thy servant rejoice.
29 Nunyetsolawo ado vlododo abe awu ene, eye wòata ŋukpe abe avɔ ene.
Let my accusers be clothed with confusion, and let them wrap themselves, as with a mantle, in their own shame.
30 Matsɔ nye nu ado Yehowa ɖe dzi, eye le ameha gã la dome, makafui,
I will thank the Lord greatly with my mouth, and in the midst of many will I praise him.
31 elabena etsi tsitre ɖe hiãtɔ la ƒe nuɖusime, be yeaɖe eƒe agbe tso ame siwo bu fɔ̃e la ƒe asi me.
For he ever standeth at the right hand of the needy, to save him from those that judge his soul.

< Psalmowo 109 >