< Psalmowo 107 >

1 Mida akpe na Yehowa, elabena enyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Halleluja! Lov HERREN, thi han er god, thi hans Miskundhed varer evindelig!
2 Ame siwo Yehowa ɖe la negblɔ esia; ame siwo wòɖe tso futɔ la ƒe asi me,
Saa skal HERRENS genløste sige, de, han løste af Fjendens Haand
3 ame siwo nu wòƒo ƒui tso anyigbawo dzi, tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe.
og samlede ind fra Landene, fra Øst og Vest, fra Nord og fra Havet.
4 Ame aɖewo tsa tsaglãla le gbedzi kple gbedadaƒo, eye womekpɔ mɔ si woato ayi du aɖe si me woanɔ la o.
I den øde Ørk for de vild, fandt ikke Vej til beboet By,
5 Dɔ kple tsikɔ wu wo, eye nu te woƒe luʋɔ ŋu le wo me.
de led baade Sult og Tørst, deres Sjæl var ved at vansmægte;
6 Tete wodo ɣli yɔ Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
men de raabte til HERREN i Nøden, han frelste dem af deres Trængsler
7 Ekplɔ wo tẽe yi ɖe du aɖe si me woanɔ.
og førte dem ad rette Vej, saa de kom til beboet By.
8 Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.
Lad dem takke HERREN for hans Miskundhed, for hans Underværker mod Menneskens Børn.
9 Elabena etsɔa nu nyuiwo ɖia ƒoe na ame siwo dɔ kple tsikɔ le wuwum.
Thi han mætted den vansmægtende Sjæl og fyldte den sultne med godt.
10 Ame aɖewo nɔ viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi me, gamenɔla siwo le fu kpem le gakɔsɔkɔsɔwo me,
De sad i Mulm og Mørke, bundne i Pine og Jern,
11 elabena wodze aglã ɖe Mawu ƒe nyawo ŋuti, eye wodo vlo Dziƒoʋĩtɔ la ƒe aɖaŋudede.
fordi de havde staaet Guds Ord imod og ringeagtet den Højestes Raad.
12 Eya ta wòtsɔ wo de asi na dɔ sesẽ wɔwɔ, womu sɔgɔsɔgɔsɔgɔ, eye ame aɖeke meli akpe ɖe wo ŋu o.
Deres Hjerte var knuget af Kummer, de faldt, der var ingen, som hjalp;
13 Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
men de raabte til HERREN i Nøden, han frelste dem af deres Trængsler,
14 Eɖe wo le viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖitsiɖi la me, eye wòtso woƒe gakɔsɔkɔsɔwo.
førte dem ud af Mørket og Mulmet og sønderrev deres Baand.
15 Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta,
Lad dem takke HERREN for hans Miskundhed, for hans Underværker mod Menneskens Børn.
16 elabena eŋe akɔbligbowo, eye wòlã gayibɔ ƒe gametiwo me.
Thi han sprængte Døre af Kobber og sønderslog Slaaer af Jern.
17 Wo dometɔ aɖewo zu bometsilawo to woƒe aglãdzenuwo wɔwɔ me, eye wokpe fu le woƒe dzidadawo ta.
De sygnede hen for Synd og led for Brødes Skyld,
18 Wonyɔ ŋu nuɖuɖu ɖe sia ɖe, eye woɖo ku ƒe agbowo nu.
de væmmedes ved al Slags Mad, de kom Dødens Porte nær;
19 Wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
men de raabte til HERREN i Nøden, han frelste dem af deres Trængsler,
20 Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòyɔ dɔ wo, heɖe wo tso tsiẽƒe.
sendte sit Ord og lægede dem og frelste deres Liv fra Graven.
21 Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.
Lad dem takke HERREN for hans Miskundhed, for hans Underværker mod Menneskens Børn
22 Wonesa akpedavɔ nɛ, eye woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo afia to aseyetsohawo me.
og ofre Lovprisningsofre og med Jubel forkynde hans Gerninger.
23 Ame aɖewo le meli me zɔ atsiaƒu dzi, wonye asitsalawo le tɔ gãwo dzi.
De for ud paa Havet i Skibe, drev Handel paa vældige Vande,
24 Wokpɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo, wokpɔ eƒe nukudɔwo le atsiaƒu gɔme,
blev Vidne til HERRENS Gerninger, hans Underværker i Dybet;
25 elabena eƒo nu, elɔ ahom kɔ ɖe ƒu la dzi, eye eƒe tsotsoewo dze agbo.
han bød, og et Stormvejr rejste sig, Bølgerne taarnedes op;
26 Woyi dziƒo boo, eye wogadze eme le gogloƒe ke, ale le woƒe agbe ƒe xaxa me, woƒe dzideƒo lolo gbana.
mod Himlen steg de, i Dybet sank de, i Ulykken svandt deres Mod;
27 Wole mumum sɔgɔsɔgɔsɔgɔ, le nu klim abe ame siwo mu aha ene, eye womegale naneke gɔme sem o.
de tumled og raved som drukne, borte var al deres Visdom;
28 Tete wodo ɣli na Yehowa le woƒe xaxa la me, eye wòɖe wo le woƒe hiã la me.
men de raabte til HERREN i Nøden, han frelste dem af deres Trængsler,
29 Etsi ahom la nu wòzi ɖoɖoe abe dalĩ dom wole ene, eye ƒutsotsoeawo hã ɖo to kpoo.
skiftede Stormen til Stille, saa Havets Bølger tav;
30 Wokpɔ dzidzɔ esi wòdze kɔ anyi, eye wòkplɔ wo va se ɖe esime wova ɖo afi si wodi be yewoanɔ.
og glade blev de, fordi det stilned; han førte dem til Havnen, de søgte.
31 Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.
Lad dem takke HERREN for hans Miskundhed, for hans Underværker mod Menneskens Børn,
32 Wonedoe ɖe dzi le dukɔ la ƒe ƒuƒoƒo me, eye woakafui le dumegãwo ƒe takpekpe me.
ophøje ham i Folkets Forsamling og prise ham i de Ældstes Kreds!
33 Etrɔ tɔsisiwo wozu gbegbe kple tsidzɔƒewo wozu kuɖiɖinyigba,
Floder gør han til Ørken og Kilder til øde Land,
34 eye agbledeƒe zu dzeƒi le ame siwo le teƒe ma ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.
til Saltsteppe frugtbart Land for Ondskabens Skyld hos dem, som bor der.
35 Etrɔ gbegbe wòzu tɔʋu, eye kuɖiɖinyigba zu tsidzɔƒe;
Ørken gør han til Vanddrag, det tørre Land til Kilder;
36 afi mae wòkplɔ dɔwuitɔwo be woava nɔ, eye wotso du si me woanɔ.
der lader han sultne bo, saa de grunder en By at bo i,
37 Woƒã nukuwo ɖe agble me, wode waingblewo, eye wotse ku geɖe hena xaxa.
tilsaar Marker og planter Vin og høster Afgrødens Frugt.
38 Eyra wo, eye woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ŋutɔ. Nenema ke mena woƒe lãhawo dzi ɖe kpɔtɔ o.
Han velsigner dem, de bliver mange, han lader det ikke skorte paa Kvæg.
39 Tete wozu ʋɛ, wobɔbɔ wo ɖe anyi le teteɖeanyi, dzɔgbevɔ̃e kple nuxaxa me;
De bliver faa og segner under Modgangs og Kummers Tryk,
40 eye eya ame si trɔa vlododo kɔna ɖe ame ŋkutawo dzi la, wɔe be wole tsaglãla tsam le gbegbe afi si mɔtoƒe aɖeke mele o.
han udøser Haan over Fyrster og lader dem rave i vejløst Øde.
41 Ke ekɔ hiãtɔwo ɖe dzi tso woƒe hiã me, eye wòna woƒe ƒome dzi ɖe edzi abe lãhawo ene.
Men han løfter den fattige op af hans Nød og gør deres Slægter som Hjorde;
42 Ame dzɔdzɔe kpɔe, eye wòkpɔ dzidzɔ, gake ame vɔ̃ɖiwo katã mia woƒe nu.
de oprigtige ser det og glædes, men al Ondskab lukker sin Mund.
43 Ame si nye nunyala la, neɖo to nu siawo, eye wòabu Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ŋuti.
Hvo som er viis, han mærke sig det og lægge sig HERRENS Naade paa Sinde!

< Psalmowo 107 >