< Psalmowo 106 >

1 Mikafu Yehowa. Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
Hallelujah! Give thanks to the LORD, for He is good; His loving devotion endures forever.
2 Ame kae ate ŋu aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nu dzɔatsu siwo wòwɔ alo akafui wòade go?
Who can describe the mighty acts of the LORD or fully proclaim His praise?
3 Woayra ame siwo léa dzɔdzɔenyenye me ɖe asi, ame siwo wɔa nu si nyo la ɣe sia ɣi.
Blessed are those who uphold justice, who practice righteousness at all times.
4 O! Yehowa, ɖo ŋku dzinye ne èle wò dukɔ la nu vem, va kpe ɖe ŋunye ne èle wo ɖem,
Remember me, O LORD, in Your favor to Your people; visit me with Your salvation,
5 be nye hã makpɔ gome le wò ame tiatiawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ me, be makpɔ dzidzɔ kple wò dukɔ la, eye mawɔ ɖeka kple wò domenyinu la, akafu wò.
that I may see the prosperity of Your chosen ones, and rejoice in the gladness of Your nation, and give glory with Your inheritance.
6 Míewɔ nu vɔ̃ abe mía fofowo ke ene; míewɔ nu tovo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi.
We have sinned like our fathers; we have done wrong and acted wickedly.
7 Esi mía fofowo nɔ Egipte la, womebu wò nukunuwo ŋu o; womeɖo ŋku wò dɔmenyo gbogboawo dzi o, ke boŋ wodze aglã le ƒu la to, le Ƒu Dzĩ la to,
Our fathers in Egypt did not grasp Your wonders or remember Your abundant kindness; but they rebelled by the sea, there at the Red Sea.
8 gake eɖe wo le eƒe ŋkɔ la ta, be wòana woanya eƒe ŋusẽ triakɔ la.
Yet He saved them for the sake of His name, to make His power known.
9 Eblu ɖe Ƒu Dzĩ la ta, eye wòmie; ale wòkplɔ wo to ƒugɔme abe tagba ƒuƒui ene.
He rebuked the Red Sea, and it dried up; He led them through the depths as through a desert.
10 Eɖe wo tso futɔ la ƒe asi me, eye ketɔ la ƒe asimee wòxɔ wo le.
He saved them from the hand that hated them; He redeemed them from the hand of the enemy.
11 Tsi la ŋe tsyɔ wo yometilawo dzi, eye ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o.
The waters covered their foes; not one of them remained.
12 Tete woxɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se, eye wodzi ha kafui.
Then they believed His promises and sang His praise.
13 Kasia woŋlɔ nu si wòwɔ la be xoxo, eye womelala xɔ aɖaŋu tso egbɔ o.
Yet they soon forgot His works and failed to wait for His counsel.
14 Le gbea dzi la, wodzro nu vevie, eye le gbegbe la, wote Mawu kpɔ.
They craved intensely in the wilderness and tested God in the desert.
15 Ale wòtsɔ nu si biam wole la na wo, gake eɖo dɔvɔ̃ ɖe wo dome.
So He granted their request, but sent a wasting disease upon them.
16 Woʋã ŋu Mose kple Aron le asaɖa la me, ame si ŋuti wokɔ na Yehowa.
In the camp they envied Moses, as well as Aaron, the holy one of the LORD.
17 Anyigba ke nu mi Datan, eye wòɖi Abiram kple eyomedzelawo agbagbe.
The earth opened up and swallowed Dathan; it covered the assembly of Abiram.
18 Dzo va fia wo yomedzelawo, eye dzo ƒe aɖewo fia ame vɔ̃ɖiawo.
Then fire blazed through their company; flames consumed the wicked.
19 Wowɔ nyivi le Horeb to la gbɔ, eye wosubɔ legba si wowɔ kple ga.
At Horeb they made a calf and worshiped a molten image.
20 Wotsɔ woƒe Ŋutikɔkɔe ɖɔli nyitsu si ɖua gbe.
They exchanged their Glory for the image of a grass-eating ox.
21 Woŋlɔ Mawu si ɖe wo la be, Mawu si wɔ nu gãwo na wo le Egipte
They forgot God their Savior, who did great things in Egypt,
22 kple dzesiwo le Hamnyigba dzi kple ŋɔdzinuwo le Ƒu Dzĩ la to.
wondrous works in the land of Ham, and awesome deeds by the Red Sea.
23 Eya ta wògblɔ be, yele wo tsrɔ̃ ge. Ɖe Mose, eƒe ame tiatia la metsi tsitre ɖe gbagbãƒe la hexe mɔ na eƒe dziku helĩhelĩ la o la, anye ne etsrɔ̃ wo.
So He said He would destroy them— had not Moses His chosen one stood before Him in the breach to divert His wrath from destroying them.
24 Wodo vlo anyigba dzeani la, eye womexɔ eƒe ŋugbedodo dzi se o.
They despised the pleasant land; they did not believe His promise.
25 Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me, eye womeɖo to Yehowa o.
They grumbled in their tents and did not listen to the voice of the LORD.
26 Eya ta wòdo eƒe asiwo ɖe dzi ka atam na wo be yele nana ge wo katã natsrɔ̃ ɖe gbea dzi,
So He raised His hand and swore to cast them down in the wilderness,
27 woƒe dzidzimeviwo atsi dukɔwo dome, eye yeakaka wo ɖe anyigbawo dzi.
to disperse their offspring among the nations and scatter them throughout the lands.
28 Wotsɔ Baal Peor ƒe kɔkuti ku kɔ na wo ɖokuiwo, eye woɖu nu siwo wotsɔ sa vɔ̃e na mawu siwo me agbe mele o.
They yoked themselves to Baal of Peor and ate sacrifices offered to lifeless gods.
29 Wotsɔ woƒe nu vɔ̃ɖiawo do dɔmedzoe na Yehowa, eye dɔvɔ̃ gbã gboo ɖe wo dome.
So they provoked the LORD to anger with their deeds, and a plague broke out among them.
30 Gake Finehas tsi tsitre hetso nya me, tete dɔvɔ̃ la nu tso.
But Phinehas stood and intervened, and the plague was restrained.
31 Wobu esia dzɔdzɔenyenye nɛ hena dzidzime mavɔ siwo ava dzɔ.
It was credited to him as righteousness for endless generations to come.
32 Le Meriba tsiawo gbɔ, wodo dɔmedzoe na Yehowa, eye Mose kpɔ nya le woawo ta.
At the waters of Meribah they angered the LORD, and trouble came to Moses because of them.
33 Elabena wodze aglã ɖe Mawu ƒe Gbɔgbɔ ŋuti, eye nya vlowo ge le Mose nu.
For they rebelled against His Spirit, and Moses spoke rashly with his lips.
34 Wometsrɔ̃ ameawo abe ale si Yehowa de se na wo ene o,
They did not destroy the peoples as the LORD had commanded them,
35 ke boŋ wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe kɔnyinyiwo.
but they mingled with the nations and adopted their customs.
36 Wosubɔ woƒe legbawo, esi zu mɔ me woge ɖo.
They worshiped their idols, which became a snare to them.
37 Wotsɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔe na gbɔgbɔ vɔ̃wo.
They sacrificed their sons and their daughters to demons.
38 Wokɔ ʋu maɖifɔ ɖi, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo ƒe ʋu, ame siwo wotsɔ sa vɔe na Kanaan legbawo, eye wotsɔ woƒe ʋu gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.
They shed innocent blood— the blood of their sons and daughters, whom they sacrificed to the idols of Canaan, and the land was polluted with blood.
39 Woƒo ɖi wo ɖokuiwo to nu si wowɔ la me, eye to woƒe nuwɔnawo me, wotsɔ wo ɖokuiwo wɔ gbolowoe,
They defiled themselves by their actions and prostituted themselves by their deeds.
40 eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋuti, eye wònyɔ ŋu eƒe domenyinu.
So the anger of the LORD burned against His people, and He abhorred His own inheritance.
41 Etsɔ wo de asi na dukɔwo, eye woƒe futɔwo ɖu fia ɖe wo dzi.
He delivered them into the hand of the nations, and those who hated them ruled over them.
42 Woƒe futɔwo te wo ɖe to, eye wotsɔ wo de woƒe ŋusẽ te.
Their enemies oppressed them, and subdued them under their hand.
43 Eɖe wo zi geɖe, gake woɖoe kplikpaa be yewoadze aglã, eye wovɔ le eme keŋkeŋ le woƒe nu vɔ̃ me.
Many times He rescued them, but they were bent on rebellion and sank down in their iniquity.
44 Ke ekpɔ woƒe hiã la ɖa, esi wòse woƒe ɣlidodo;
Nevertheless He heard their cry; He took note of their distress.
45 le wo ta, eɖo ŋku eƒe nubabla la dzi, eye wòɖe asi le eƒe tameɖoɖo ŋu le eƒe lɔlɔ̃ gã la ta.
And He remembered His covenant with them, and relented by the abundance of His loving devotion.
46 Ena ame siwo katã ɖe aboyo wo la kpɔ nublanui na wo.
He made them objects of compassion to all who held them captive.
47 O! Yehowa, míaƒe Mawu, ɖe mí, eye nàƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome, be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye míaƒo adegbe le wò kafukafu ŋu.
Save us, O LORD our God, and gather us from the nations, that we may give thanks to Your holy name, that we may glory in Your praise.
48 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me. Dukɔ blibo la nàgblɔ be, “Amen!” Mikafu Yehowa.
Blessed be the LORD, the God of Israel, from everlasting to everlasting. Let all the people say, “Amen!” Hallelujah!

< Psalmowo 106 >