< Psalmowo 105 >

1 Mida akpe na Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbeƒã nu siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.
Give thanks to the LORD. Call on his name. Make his deeds known among the peoples.
2 Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ, miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo.
Sing to him, sing praises to him. Tell of all his marvelous works.
3 Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, mina ame siwo dia Yehowa la ƒe dzi natso aseye.
Glory in his holy name. Let the heart of those who seek the LORD rejoice.
4 Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ, midi eƒe ŋkume ɖaa.
Seek the LORD and his strength. Seek his face forever more.
5 Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi.
Remember his marvelous works that he has done; his wonders, and the judgments of his mouth,
6 O! Eƒe dɔla Abraham ƒe dzidzimeviwo. O! Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia.
you offspring of Abraham, his servant, you descendants of Jacob, his chosen ones.
7 Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu la, eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi la me.
He is the LORD, our God. His judgments are in all the earth.
8 Eɖoa ŋku eƒe nubabla kple se siwo wòde na dzidzime akpewo la dzi ɖaa,
He has remembered his covenant forever, the word which he commanded to a thousand generations,
9 eyae nye nu si wòbla kple Abraham kple atam si wòka na Isak.
the covenant which he made with Abraham, his oath to Isaac,
10 Eɖo kpe edzi na Yakob abe sedede ene, eye na Israel abe nubabla mavɔ ene be,
and confirmed the same to Jacob for a statute; to Israel for an everlasting covenant,
11 “Wòe matsɔ Kanaanyigba la na, abe wò domenyinu ene.”
saying, "To you I will give the land of Canaan, the lot of your inheritance;"
12 Ke esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko, womesɔ gbɔ o, eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la,
when they were but a few men in number, yes, very few, and foreigners in it.
13 wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me, tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me.
They went about from nation to nation, from one kingdom to another people.
14 Meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o, le wo ta, wòka mo na fiawo be,
He allowed no one to do them wrong. Yes, he reproved kings for their sakes,
15 “Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ nu vevi nye nyagblɔɖilawo o.”
"Do not touch my anointed ones. Do my prophets no harm."
16 Ena dɔ to ɖe anyigba la dzi, eye wògblẽ woƒe nuɖuɖukpɔtsoƒewo katã,
He called for a famine on the land. He destroyed the food supplies.
17 ke edɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Yosef, ame si wodzra abe kluvi ene la ɖe wo ŋgɔ.
He sent a man ahead of them, Joseph, sold as a slave.
18 Wode kunyowu afɔ nɛ, wode abi eŋu, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ,
They bruised his feet with shackles. His neck was locked in irons,
19 va se ɖe esime nya si wògblɔ ɖi la va eme, eye va se ɖe esime Yehowa ƒe nya naɖo kpe edzi, be nya si wògblɔ la nye nyateƒe.
until the time that his word happened, and the LORD's word proved him true.
20 Fia la dɔ ame woyi ɖaɖee le game, eye dukɔ la dziɖula na ablɔɖee.
The king sent and freed him; even the ruler of peoples, and let him go free.
21 Etsɔe ɖo amegãe ɖe eƒe aƒe nu, eye wònye eƒe nunɔamesiwo katã dzikpɔla,
He made him lord of his house, and ruler of all of his possessions;
22 be wòade dɔ asi na eƒe dɔnunɔlawo ale si dze eŋu, eye wòafia nunya eƒe dumegãwo.
to discipline his princes at his pleasure, and to teach his elders wisdom.
23 Ale Israel ge ɖe Egiptenyigba dzi, eye Yakob nɔ Hamnyigba dzi abe amedzro ene.
Israel also came into Egypt. Jacob sojourned in the land of Ham.
24 Yehowa na eƒe dukɔ la dzi ɖe edzi, eye wòna wosɔ gbɔ fũu akpa na woƒe futɔwo,
He increased his people greatly, and made them stronger than their adversaries.
25 ame siwo ƒe dzi wòtrɔ be woalé fu eƒe dukɔ la, eye woaɖo nugbe ɖe eƒe dɔlawo ŋu.
He turned their heart to hate his people, to conspire against his servants.
26 Edɔ Mose, eƒe dɔla kple Aron, eƒe ame tiatia ɖa.
He sent Moses, his servant, and Aaron, whom he had chosen.
27 Wowɔ eƒe dzesi gãwo le wo dome kple eƒe nukunuwo le Hamnyigba dzi.
They performed miracles among them, and wonders in the land of Ham.
28 Eɖo viviti ɖa, eye anyigba la dzi do blukɔ elabena ɖe wometsi tsitre ɖe eƒe nyawo ŋu oa?
He sent darkness, and made it dark, but they rebelled against his words.
29 Ena woƒe tsiwo trɔ zu ʋu, eye to esia me woƒe tɔmelãwo ku.
He turned their waters into blood, and killed their fish.
30 Ena woƒe anyigba la dzi yɔ fũu kple akpɔkplɔwo, esiwo ge ɖe woƒe dumegãwo ƒe xɔgãwo me ke.
Their land swarmed with frogs, even in the chambers of their kings.
31 Eƒo nu, eye tagbatsutsu kple togbato ƒe ha gã aɖe va xɔ woƒe dukɔ la katã me.
He spoke, and swarms of flies came, and gnats in all their territory.
32 Etrɔ woƒe tsidzadza wòzu kpetsi, eye dzikedzo kpe ɖe eŋuti le woƒe anyigba blibo la dzi.
He gave them hail for rain, flaming fire in their land.
33 Eƒo woƒe wainkawo kple gbotiwo ƒu anyi, eye wòmu ati siwo le woƒe dukɔ me la ƒu anyi.
He struck their vines and also their fig trees, and shattered the trees of their country.
34 Eƒo nu, eye ʋetsuviwo va ƒo ɖi, nenema kee nye abɔ gbogbo aɖewo hã;
He spoke, and the locusts came, and the grasshoppers, without number,
35 woɖu numiemie mumu ɖe sia ɖe le woƒe anyigba la dzi, eye woɖu nuku ɖe sia ɖe si le bo dzi hã.
ate up every plant in their land; and ate up the fruit of their ground.
36 Emegbe la, eƒo ŋgɔgbevi siwo katã le woƒe anyigba dzi la ƒu anyi, esiwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo.
He struck also all the firstborn in their land, the first fruits of all their manhood.
37 Ke ekplɔ Israel do goe, wodo agba kple klosalo kple sika, eye ame beli aɖeke menɔ woƒe toawo dome o.
And he brought them out with silver and gold, and there was no one among their tribes who stumbled.
38 Egipte kpɔ dzidzɔ esi wodo go dzo, elabena Israel ƒe ŋɔdzi lé wo.
Egypt was glad when they departed, for the fear of them had fallen on them.
39 Ekeke lilikpo ɖe wo dzi abe avɔ ene, eye wòna dzo wo be wòanye akaɖi na wo le zã me.
He spread a cloud for a covering, fire to give light in the night.
40 Wobiae, eye wòna tegliwo woɖu, eye wòtsɔ dziƒobolo ɖi ƒo na woe.
They asked, and he brought quails, and satisfied them with the bread of the sky.
41 Eʋu agakpe la, tsi do na wo bababa, eye wòsi to gbegbe la abe tɔsisi ene.
He opened the rock, and waters gushed out. They ran as a river in the dry places.
42 Elabena eɖo ŋku eƒe ŋugbe kɔkɔe si wòdo na eƒe dɔla Abraham la dzi.
For he remembered his holy word, and Abraham, his servant.
43 Ekplɔ eƒe dukɔ la do goe kple aseyetsotso, eƒe ame tiatiawo kple dzidzɔɣli.
He brought forth his people with joy, his chosen with singing.
44 Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, eye nu si ame bubuwo ku kutri kpɔ la va zu domenyinu na wo.
He gave them the lands of the nations. They took the labor of the peoples in possession,
45 Ale be woalé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi, eye woawɔ eƒe sewo dzi. Mikafu Yehowa.
that they might keep his statutes, and observe his laws. Praise the LORD.

< Psalmowo 105 >