< Psalmowo 104 >

1 O! Luʋɔnye, kafu Yehowa. O! Yehowa, nye Mawu, èlolo loo; èɖo atsyɔ̃, eye nèta gãnyenye.
Bless Jehovah, O my soul! Jehovah my God, thou art very great; thou art clothed with majesty and splendour;
2 Etsyɔ kekeli abe avɔ ene, ehe dziƒo me abe avɔgbadɔ ene,
Covering thyself with light as with a garment, stretching out the heavens like a tent-curtain; —
3 eye wòɖo eƒe dziƒoxɔwo ƒe sɔtiwo ƒe agunu anyi ɖe woƒe tsiwo dzi. Etsɔ lilikpowo wɔ eƒe tasiaɖam, eye wònɔ ya ƒe aʋalawo dzi.
Who layeth the beams of his upper chambers in the waters, who maketh clouds his chariot, who walketh upon the wings of the wind;
4 Yae nye eƒe dɔtsɔlawo, eye dzo ƒe aɖewo nye eƒe dɔlawo.
Who maketh his angels spirits; his ministers a flame of fire.
5 Eɖo anyigba anyi ɖe eƒe gɔmeɖokpe dzi, eya ta maʋã akpɔ gbeɖe o.
He laid the earth upon its foundations: it shall not be removed for ever.
6 Ètsɔ gogloƒewo tsyɔ nɛ abe avɔ ene, eye tsiawo tɔ ɖe toawo tame.
Thou hadst covered it with the deep, as with a vesture; the waters stood above the mountains:
7 Ke esi nèblu la, tsiawo si, eye esi nèɖe gbe la, wolé du tsɔ.
At thy rebuke they fled, at the voice of thy thunder they hasted away; —
8 Wosi to towo tame, heva to balimewo, va ɖo teƒe si nètia na wo la.
The mountains rose, the valleys sank, unto the place which thou hadst founded for them; —
9 Èɖo liƒo si dzi womate ŋu adze to o la na wo, eye womagakaka axɔ anyigba dzi akpɔ gbeɖe o.
Thou hast set a bound which they may not pass over, that they turn not again to cover the earth.
10 Ena tsitsetsewo kɔ ɖe agawo me, eye wosi to towo dome.
He sendeth the springs into the valleys: they run among the mountains;
11 Wonaa tsi gbemelãwo, eye wotsia gbetedziwo ƒe tsikɔwuame nu.
They give drink to every beast of the field; the wild asses quench their thirst.
12 Dziƒoxeviwo wɔa atɔ ɖe tsisisiawo to, eye wodzia ha le atilɔwo dzi.
The birds of heaven dwell by them; they give forth their voice from among the branches.
13 Edea tsi towo tso eƒe xɔ dzigbemetɔ me; eƒe dɔ ƒe kutsetse ɖia ƒo na anyigba.
He watereth the mountains from his upper-chambers: the earth is satisfied with the fruit of thy works.
14 Ena gbe mie na nyihawo, eye wòƒãa nuku na amegbetɔ be wòaxa, ale wòna nuɖuɖu do tso anyigba la me na wo;
He maketh the grass to grow for the cattle, and herb for the service of man; bringing forth bread out of the earth,
15 wain si doa dzidzɔ na ame ƒe dzi, ami si ana be eƒe mo nanɔ keklẽm kple abolo si alé eƒe dzi ɖe te.
And wine which gladdeneth the heart of man; making [his] face shine with oil; and with bread he strengtheneth man's heart.
16 Wode tsi Yehowa ƒe atiawo nyuie, Lebanon ƒe sedati siwo wòdo.
The trees of Jehovah are satisfied, the cedars of Lebanon, which he hath planted,
17 Afi mae xeviwo wɔ woƒe atɔwo ɖo, eye aŋɔɣi wɔ eƒe nɔƒe ɖe gbotiwo me.
Where the birds make their nests; [as for] the stork, the fir trees are her house.
18 To kɔkɔwo nye gbemegbɔ̃wo tɔ, eye agakpewo tome zu bebeƒe na hlɔ̃madɛwo.
The high mountains are for the wild goats; the cliffs, a refuge for the rock-badgers.
19 Ɣleti dea vovototo ɣeyiɣiwo dome, eye ɣe nya ɣeyiɣi si wòaɖo to.
He made the moon for seasons: the sun knoweth its going down.
20 Ètsɔ viviti vɛ, eye wòzu zã, ale lã siwo katã le ave me la doa go.
Thou makest darkness, and it is night, wherein all the beasts of the forest creep forth:
21 Dzatawo ɖea gbe na nuléle, eye wodia woƒe nuɖuɖu tso Mawu gbɔ.
The young lions roar after the prey, and to seek their food from God.
22 Ɣe dzena, eye wotrɔna dzona ɖamlɔa woƒe dowo me.
The sun ariseth, they retreat, and lay them down in their dens.
23 Tete ame do go yi dɔ me, yi ɖe eƒe dɔ gbɔ va se ɖe fiẽ.
Man goeth forth unto his work, and to his labour until the evening.
24 O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya deto me, anyigba dzi yɔ fũu kple wò nuwɔwɔwo.
How manifold are thy works, O Jehovah! in wisdom hast thou made them all: the earth is full of thy riches.
25 Atsiaƒue nye ekem, elolo hekeke, lã siwo mele xexlẽme o la yɔe, nenema kee nye nu gbagbe bubuwo hã, suewo kple gãwo siaa.
Yonder is the great and wide sea: therein are moving things innumerable, living creatures small and great.
26 Meliwo zɔa edzi yina, gagbɔna, eye afii mae boso si nèwɔ la hã le.
There go the ships; [there] that leviathan, which thou hast formed to play therein.
27 Esiawo katã le asiwò nu kpɔm be nàna nuɖuɖu yewo le wo naɣi.
These all look unto thee, that thou mayest give their food in its season:
28 Ne èna wo la, woƒonɛ ƒu; eye ne èʋu wò asi la, ètsɔa nu nyui ɖia ƒo na wo.
That thou givest unto them, they gather; thou openest thy hand, they are filled with good.
29 Ke ne èɣla wò mo la, ŋɔdzi léa wo, eye ne èxɔ woƒe gbɔgbɔ le wo si la, wokuna, trɔna zua kewɔ.
Thou hidest thy face, they are troubled; thou takest away their breath, they expire and return to their dust.
30 Ne èdɔ wò Gbɔgbɔ ɖa la, wodzɔna, eye nèwɔa anyigba ƒe ŋkume yeyee.
Thou sendest forth thy spirit, they are created, and thou renewest the face of the earth.
31 Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nenɔ anyi tegbee. Yehowa nekpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu,
The glory of Jehovah will endure for ever; Jehovah will rejoice in his works.
32 eya ame si do mo ɖe anyigba dzi, eye anyigba dzo nyanyanya; eya ame si ka asi towo ŋu, eye wotu dzudzɔ.
He looketh on the earth, and it trembleth; he toucheth the mountains, and they smoke.
33 Madzi ha na Yehowa le nye agbemeŋkekewo katã me, eye zi ale si mele agbe la, madzi kafukafuha na nye Mawu la.
I will sing unto Jehovah as long as I live; I will sing psalms to my God while I have my being.
34 Nye ŋugbledede nedze eŋu, esi mele dzidzɔ kpɔm le Yehowa me.
My meditation shall be pleasant unto him; I will rejoice in Jehovah.
35 Ke nu vɔ̃ wɔlawo netsrɔ̃ ɖa le anyigba dzi, eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o. O! Luʋɔnye, kafu Yehowa. Mikafu Yehowa.
Sinners shall be consumed out of the earth, and the wicked shall be no more. Bless Jehovah, O my soul. Hallelujah!

< Psalmowo 104 >