< Psalmowo 103 >

1 David ƒe ha. O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa; nu siwo katã le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.
Davut'un mezmuru RAB'be övgüler sun, ey gönlüm! O'nun kutsal adına övgüler sun, ey bütün varlığım!
2 O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa, eye mègaŋlɔ nu nyui siwo katã wòwɔ na wò la be o.
RAB'be övgüler sun, ey canım! İyiliklerinin hiçbirini unutma!
3 Ame si tsɔ wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu.
Bütün suçlarını bağışlayan, Bütün hastalıklarını iyileştiren,
4 Ame si ɖea wò agbe tso ʋe me, eye wòtsɔa lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ɖɔna na wò.
Canını ölüm çukurundan kurtaran, Sana sevgi ve sevecenlik tacı giydiren,
5 Ame si tsɔa nu nyuiwo ɖia ƒo na wò didiwo, ale be wò ɖekakpuinyenye gaɖoa yeye me abe hɔ̃ tɔ ene.
Yaşam boyu seni iyiliklerle doyuran O'dur, Bu nedenle gençliğin kartalınki gibi tazelenir.
6 Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye wòtsoa afia na ame siwo katã wote ɖe anyi.
RAB bütün düşkünlere Hak ve adalet sağlar.
7 Ena Mose nya eƒe mɔwo, eye wòna Israelviwo nya eƒe nuwɔwɔwo.
Kendi yöntemlerini Musa'ya, İşlerini İsrailliler'e açıkladı.
8 Yehowa kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu, medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi.
RAB sevecen ve lütfedendir, Tez öfkelenmez, sevgisi engindir.
9 Metsɔa nya ɖe ame ŋu ɣe sia ɣi, alo léa dɔmedzoe ɖi ɖikaa o.
Sürekli suçlamaz, Öfkesini sonsuza dek sürdürmez.
10 Mewɔna na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo nu, alo ɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o.
Bize günahlarımıza göre davranmaz, Suçlarımızın karşılığını vermez.
11 Elabena abe ale si dziƒo kɔ tso anyigba gbɔe ene la, nenemae eƒe lɔlɔ̃ loloe na ame siwo vɔ̃nɛ.
Çünkü gökler yeryüzünden ne kadar yüksekse, Kendisinden korkanlara karşı sevgisi de o kadar büyüktür.
12 Abe ale si ɣedzeƒe didii tso ɣetoɖoƒe gbɔ ene la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa tso mía gbɔe.
Doğu batıdan ne kadar uzaksa, O kadar uzaklaştırdı bizden isyanlarımızı.
13 Abe ale si fofo ƒe dɔ me trɔna ɖe viawo ŋuti ene la, nenemae Yehowa kpɔa nublanui na ame siwo vɔ̃nɛ,
Bir baba çocuklarına nasıl sevecen davranırsa, RAB de kendisinden korkanlara öyle sevecen davranır.
14 elabena enya ale si wowɔ mí, eye eɖo ŋku edzi be ʋuʋudedi ko míenye.
Çünkü mayamızı bilir, Toprak olduğumuzu anımsar.
15 Amegbetɔ ƒe ŋkekewo le abe gbe ene, edzena abe seƒoƒo le gbedzi ene;
İnsana gelince, ota benzer ömrü, Kır çiçeği gibi serpilir;
16 ya ƒona toa edzi, eye meganɔa anyi o, womegaɖoa ŋku eteƒe gɔ̃ hã dzi o.
Rüzgar üzerine esince yok olur gider, Bulunduğu yer onu tanımaz.
17 Gake tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ li kple ame siwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi kple wo viwo ƒe viwo
Ama RAB kendisinden korkanları sonsuza dek sever, Antlaşmasına uyan Ve buyruklarına uymayı anımsayan soylarına adil davranır.
18 kpakple ame siwo léa eƒe nubabla me ɖe asi, eye woɖoa ŋku edzi wɔna ɖe eƒe sewo dzi.
19 Yehowa ɖo eƒe fiazikpui anyi ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe le wo katã dzi ɖum.
RAB tahtını göklere kurmuştur, O'nun egemenliği her yeri kapsar.
20 Mi eƒe dɔlawo, mikafu Yehowa, mi ŋusẽtɔ siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu, eye miewɔa eƒe nya dzi.
RAB'be övgüler sunun, ey sizler, O'nun melekleri, O'nun sözünü dinleyen, Söylediklerini yerine getiren güç sahipleri!
21 Mikafu Yehowa, mi eƒe dziƒoʋakɔwo katã, mi eƒe dɔla siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.
RAB'be övgüler sunun, ey sizler, O'nun bütün göksel orduları, İsteğini yerine getiren kulları!
22 Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔwɔwɔwo katã, le afi sia afi, le eƒe dziɖuɖu te. O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa.
RAB'be övgüler sunun, Ey O'nun egemen olduğu yerlerdeki bütün yaratıklar! RAB'be övgüler sun, ey gönlüm!

< Psalmowo 103 >